Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 8:8 - Agbenya La

8 Mitɔ dzo dua abe ale si Yehowa ɖo na mí ene. Esiawoe nye nye ɖoɖowo na mi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye ne miexɔ dua vɔ la, ekema mitɔ dzo du la; miwɔ, abe alesi Yehowa gblɔ na mi ene, kpɔ ɖa, nyee ɖe se na mi.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 8:8
12 Mawu Ofanana  

Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!”


“Ke migana ame aɖeke natsi agbe le Ŋugbedodonyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi o. Na woatsrɔ̃ nu gbagbe ɖe sia ɖe.


Ameawo lɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye woka ɖe edzi na Yosua be, “Míawɔ nu sia nu si nàgblɔ na mí, eye míayi afi sia afi si nàɖo mí ɖo la.


Ɖe nyemede se na wò be nàse ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo oa? Ŋɔ megadzi wò o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o, elabena Yehowa, wò Mawu la anɔ kpli wò le afi sia afi si nàyi.”


Wotɔ dzo du la kple nu siwo katã le eme la negbe klosalo kple sika kple nu siwo wowɔ kple akɔbli kple gayibɔ ko wolɔ yi ɖada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe.


Woɖo asrafoawo ɖe aʋawɔwɔ ŋu, ame geɖewo nɔ dua ƒe anyiehe lɔƒo, eye mamlɛawo nɔ dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Yosua tsi balime la le zã ma me.


Miatsrɔ̃ wo abe ale si mietsrɔ̃ Yeriko kple woƒe fia ene. Ke azɔ ya la, miate ŋu atsɔ woƒe nuwo kple woƒe nyi siwo mieha la woazu mia tɔ. Na ameawo nade xa ɖe dua godo.”


Israelvi siwo nɔ Ai dua me la do go tso dua me, eye wode asi Aitɔwo wuwu me tso megbe. Ale Aitɔwo tsi Israelviwo dome, eye wowu wo katã, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe alo si o,


Ale Ai trɔ zu gli gbagbã siwo woli kɔe ɖi va se ɖe egbe.


Ekema miado tso afi si miede xa ɖo, age ɖe dua me, elabena Yehowa miaƒe Mawu atsɔe na mí.


Ale wodze mɔ zã ma me yi ɖade xa ɖe Betel kple Ai ƒe ɣetoɖoƒe gome, le esime Yosua kple aʋawɔla bubuawo tsi asaɖa la me le Yeriko.


Gbe ɖeka la, Debora yɔ Barak, Abinoam ƒe vi, ame si nɔ Kedes le Naftalinyigba dzi eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la de se na wò be, ‘Yi, nàƒo ƒu aʋawɔla akpe ewo (10,000) tso Naftali ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo dome eye nàkplɔ wo ayi Tabɔr to la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa