Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 8:18 - Agbenya La

18 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ wò akplɔ do ɖe Ai lɔƒo, elabena matsɔ du la ana wò.” Yosua wɔ nenema.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Do akplɔ, si le asiwò la, ɖe Ai dzi, elabena matsɔe ade asi na wò! Tete Yosua do akplɔ, si le esi la, ɖe du la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 8:18
14 Mawu Ofanana  

Elabena eŋlɔ kɔ do ɖe mo na Mawu eye wòdze aglã ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋu,


Aŋutrɔwo le wo nɔewo lɔm le eƒe axadzi, nenema kee nye akplɔ siwo le dzo dam kple yi.


Do wò atikplɔ la ɖe dzi, eye nàdo wò asi ɖe atsiaƒu la dzi be atsiaƒutsi la nama ɖe eve, ale be Israelviwo nato atsiaƒu la me ayi le anyigba ƒuƒui dzi.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si. Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be wòado eƒe atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo katã dzi le Egipte.”


Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, ke Farao ya ƒe abɔwo aku ɖe eŋuti. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babilonia fia be woanyee le yame ɖe Egipte ŋu.


asrafo aɖeke kura meganɔ Ai alo Betel o. Gawu la, woʋu Ai ƒe agbowo da ɖi siãa.


Esi xadelawo kpɔ Yosua ƒe dzesia ko la, wolũ ɖe dua dzi, ge ɖe eme eye wotɔ dzoe.


Yosua lé eƒe akplɔ do ɖe Ai du la gbɔ va se ɖe esime wowu Aitɔ mamlɛa.


Ekema miado tso afi si miede xa ɖo, age ɖe dua me, elabena Yehowa miaƒe Mawu atsɔe na mí.


Goliat, Filistitɔ la zɔ ɖo ta David gbɔ, eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ ŋgɔ nɛ.


David do ɣli gblɔ na Filistitɔ la be, “Wò la, ègbɔna gbɔnye kple yi, akplɔ nuevee kple akplɔ nuɖekɛ, gake nye la, megbɔna gbɔwò le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Aʋakɔwo ƒe Mawu la ame si ŋu nèɖe alɔme le la ƒe ŋkɔ me.


Edo akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli la ɖe afɔ eye wòlé akɔbli ƒe akplɔ didi aɖe ɖe abɔta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa