Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 7:25 - Agbenya La

25 Yosua gblɔ na Axan le afi ma be, “Nu ka ta nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi ɖo? Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e va wò hã dzi azɔ.” Ale Israelviwo ƒu kpe wo woku, wotɔ dzo wo,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye Yosua gblɔ bena: Esi nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi la, eyata Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò egbea! Tete Israel blibo la ƒu kpe wo, eye wòtɔ dzo wo. Esi woƒu kpe wo vɔ la,

Onani mutuwo Koperani




Yosua 7:25
23 Mawu Ofanana  

Yakob gblɔ na Levi kple Simeon be, “Miena medze agɔ le anyigba sia dzi tɔwo katã, Kanaantɔwo kple Perizitɔwo siaa dzi. Míesɔ gbɔ o, eya ta ne woho aʋa ɖe mía ŋu la, woafiti mí, eye woawu mí katã.”


Le ɣleti etɔ̃ megbe la, woɖo du ɖe Yuda be toyɔvia Tamar fɔ fu le gbolowɔwɔ ta. Yuda do ɣli be, “Mihee vɛ, eye miatɔ dzoe!”


Aka, Karmi ƒe vie nye ame si he fukpekpe va Israel dzi elabena efi nu kɔkɔewo.


Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ, elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa.


Ŋuklẽla hea fukpekpe vaa eƒe aƒe dzi, ke ame si lé fu zãnuxɔxɔ la anɔ agbe.


“ ‘Ŋutsu si dɔ nyɔnu aɖe kple nyɔnu la dada gbɔ la, wɔ nu vɔ̃ triakɔ aɖe. Woatɔ dzo wo ame etɔ̃ la katã agbagbee be wòaɖe ŋukpenanu vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome.


“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be woawu Israelvi alo amedzro si le Israel, ame si atsɔ viawo dometɔ aɖe ana Molek. Teƒe ma nɔlawo naƒu kpee.


Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu gblẽ kɔ ɖo na eɖokui hetrɔ zu gbolo la, edo ŋukpe fofoa, ele be woatɔ dzoe agbagbe.


“Kplɔ busunyagblɔla la yi asaɖa la godo. Ame siwo katã se eƒe busunyagbɔgblɔ la ada asi ɖe eƒe ta dzi, eye takpelawo katã aƒu kpee.


Ɖeko medi vevie be nufiala siwo di be miana woatso aʋa na mi la, woaɖe wo ɖokuiwo ɖa le mia dome, eye woaɖe ɖa le mia ŋu kpoo.


Miƒu kpee wòaku, elabena edze agbagba be yeahe mi ɖa tso Yehowa, mia Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egipte la gbɔ.


Ekema Israel katã asee, eye woavɔ̃, eye ame aɖeke maganɔ mia dome si awɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi ake o.


Ne nya la nye nyateƒe la, ekema woahe ŋutsu la alo nyɔnu la ayi dua godo, eye woaƒu kpee le afi ma wòaku.


Ekema dua me tɔwo aƒu kpee wòaku. Ne miewɔ alea la, miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome, eye Israel ɖekakpuiwo katã ase nya si dzɔ eye vɔvɔ̃ aɖo wo.


Eye le ɣe ma ɣi me ke la, edzɔ le Mawu ƒe ŋkume be wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na ame siwo na xaxa mi la.


Mikpɔ egbɔ be Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke nu o, eye mikpɔ nyuie be gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo ahaƒo ɖi wo o.


Migaha naneke o, elabena ele be miatsrɔ̃ nu sia nu gbidigbidi. Ne miewɔ alea o la, dzɔgbevɔ̃e ava Israel dukɔ blibo la dzi.


Ekema woatɔ dzo ame si da le sea dzi la ƒe nuwo kple nu sia nu si nye etɔ la, elabena eda le Yehowa ƒe nubabla la dzi, eye wòhe dzɔgbevɔ̃e va Israel dukɔ la dzi.’ ”


Yonatan gblɔ be, “Se sesẽ kae nye esi fofonye de na ameawo? Se sia agblẽ nu le mía ŋu boŋ. Mikpɔ ale si ŋusẽ ɖo menye esi meno anyitsi sue sia ɖa!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa