Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 6:5 - Agbenya La

5 Ne nunɔlaawo ku kpẽawo zi ɖeka sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe la, ameawo katã nado ɣli sesĩe. Dua ƒe gliwo amu adze anyi ekema miato teƒe sia teƒe age ɖe dua me.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ne wonyã ku lãdzoawo tsiã ɖe nu miese ko la, dukɔ blibo la natso aseye hoo, ekema du la ƒe gliwo aŋe adze eme, eye dukɔ la nakpɔ ŋgɔ tẽ age ɖe me.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 6:5
17 Mawu Ofanana  

Esi kpẽ la ƒe ɖiɖi ganɔ sesẽm ɖe edzi la, Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ aɖe.


Amu woƒe gli sesẽwo aƒu anyi, eye woakaka ɖe anyigba, agbã gudugudu, eye woazu kewɔ.


Le ŋkeke si dzi woawu ame geɖewo la, gbetakpɔxɔ kɔkɔwo amu; tɔʋumetsi asi tso to kɔkɔ ɖe sia ɖe kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi.


Miɖe to ɖee miado ɣli ɖe eta! Ena ta, eƒe gbetakpɔxɔwo mu dze anyi eye wogbã eƒe gliwo ƒu anyi. Esi wònye Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae ta la, mibia hlɔ̃e; miwɔe nɛ abe ale si wòwɔe na ame bubuwo ene.


To xɔse me Yeriko ƒe gliwo mu esi Israelviwo ƒo xlãe ŋkeke adre.


Esi woƒo xlã du la zi adrelia la, nunɔlaawo ku kpẽawo sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe. Yosua ɖe gbe na ameawo be, “Ɣli neɖi! Yehowa tsɔ du sia na mí!”


Esi ameawo se kpẽawo ƒe ɖiɖi sesĩe la, wodo ɣli sesĩe abe ale si woate ŋui ene. Tete Yeriko ƒe gliwo mu dze anyi, eye wokaka le wo ŋkume. Israelviwo ge ɖe du la me bibibi to afi sia afi, eye woxɔ du la.


Na nunɔla adre ɖe sia ɖe natsɔ lãdzokpẽwo ɖe asi, eye woadze ŋgɔ na nubablaɖaka la. Le ŋkeke adrelia gbe la, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã du la zi adre le esime nunɔlaawo anɔ kpẽawo kum.


Yosua, Nun ƒe vi, yɔ nunɔlaawo hegblɔ na wo be, “Mikɔ nubablaɖaka la; mia dometɔ adre nakɔ woƒe kpẽwo, eye miadze Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ.”


Ame siawo yi Gibea dua me eye wowu ame sia ame.


David fɔ ŋdi kanya, tsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔvi ɖeka. Edo agba eye wòdze mɔ abe ale si Yese ɖo nɛ ene. Eɖo asaɖa la me esi asrafoawo bɔ asaɖa le aʋaɣli dom yina ɖe woƒe nɔƒewo.


Tete Israel kple Yuda ŋutsuwo lũ ɖe eme kple ɣli eye woti Filistitɔwo yome va se ɖe Gat kple Ekron ƒe agbowo nu. Filistitɔwo ƒe kukuawo kaka ɖe Saaraim kple Gat mɔ dzi va se ɖe Ekron ke.


Esi Israelviwo kpɔ be wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la gbɔnae la, woƒe dzidzɔɣli de dzi bobobo ale gbegbe be ena anyigba ʋuʋu kloe!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa