Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 6:3 - Agbenya La

3 Nu si miawɔe nye, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã Yeriko du la zi ɖeka gbe sia gbe hena ŋkeke ade.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyata aʋawɔlawo katã nazɔ aƒo xlã du la akpe ɖo zi ɖeka; alea woawɔ ŋkeke ade sɔŋ.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 6:3
9 Mawu Ofanana  

Wowɔ nyitsu siwo ƒe lolome anɔ mita afã la, ɖe zɔ la te. Wowɔ nyitsuawo ɖe fli eve me eye fliawo tsyia ɖe wo nɔewo nu, abe gazɔ la ke ene.


Gake ɖekoe miagadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ ame siwo le anyigba la dzi o, wo dzi ɖuɖu le bɔbɔe na mí, elabena luʋɔ dzo le wo ta, ke míawo ya la, Yehowa li kpli mí, eya ta migavɔ̃ na wo o.”


Ke kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, be wòaɖee fia be ŋusẽ triakɔ sia metso mía gbɔ o, ke boŋ Mawu gbɔ wòtso.


Ale wòna wokɔ Yehowa ƒe aɖaka la ƒo xlã du la zi ɖeka. Tete ameawo gbugbɔ yi asaɖa la me, eye wotsi afi ma dɔ.


Ale wozɔ ƒo xlã du la zi ɖeka le ŋkeke evelia gbe, eye wogatrɔ yi asaɖa la me. Wowɔ alea ŋkeke ade.


Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mieɖu Yerikotɔwo kple woƒe fia kple woƒe aʋawɔla sesẽwo katã dzi xoxo, elabena metsɔ wo de asi na mi!


Na nunɔla adre ɖe sia ɖe natsɔ lãdzokpẽwo ɖe asi, eye woadze ŋgɔ na nubablaɖaka la. Le ŋkeke adrelia gbe la, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã du la zi adre le esime nunɔlaawo anɔ kpẽawo kum.


Ale wòɖe gbe na ameawo be, “Mizɔ yi ŋgɔ! Mizɔ ƒo xlã du la. Ame siwo lé aʋawɔnuwo ɖe asi la nedze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa