Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 6:2 - Agbenya La

2 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mieɖu Yerikotɔwo kple woƒe fia kple woƒe aʋawɔla sesẽwo katã dzi xoxo, elabena metsɔ wo de asi na mi!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Kpɔ ɖa, metsɔ Yerixo kple eme fia kpakple kalẽtɔwo ɖe asi na wò.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 6:2
20 Mawu Ofanana  

David bia Yehowa be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”


Èbɔbɔ dukɔ blibowo ɖe anyi le wo ŋgɔ, Kanaan fiawo kple woƒe amewo gɔ̃ hã zu ŋusẽmanɔŋutɔwo!


Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo Eyae ɖoa fiawo eye wòtua fiawo. Eyae naa nunya nunyalawo Eye wònaa gɔmesese nugɔmeselawo


“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


“ ‘Dɔla kɔkɔewo ɖe gbeƒã nyametsotso sia ale be ame nɔagbewo nanya be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa wo katã naa ame sia ame si wòlɔ̃ eye wòtsɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la ɖoa wo nu.’


Wobua anyigbadzitɔwo katã be womele ɖeke me o. Ewɔa nu si dzea eŋu kple dziƒoŋunuwo kple anyigbadzitɔwo. Ame aɖeke mate ŋu ahe eƒe asi ɖe megbe loo alo abiae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?”


“O fia, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la na fianyenye, gãnyenye, ŋutikɔkɔe kple dzedzeme fofowò, Nebukadnezar.


Mawu atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò, eye nàtutu woƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la ŋkume. Wo dometɔ aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o. Ke boŋ àtsrɔ̃ wo.


Yeriko fia ɖeka, Ai, si te ɖe Betel ŋu fia ɖeka,


Wogblɔ be, “Kakaɖedzi blibo li bena, Yehowa atsɔ anyigba la katã ana mí, elabena afi ma tɔwo katã le mía vɔ̃m ŋutɔŋutɔ.”


“Menyae nyuie be Yehowa le míaƒe anyigba tsɔ ge na mi. Mí katã míele mia vɔ̃m. Miaƒe ŋkɔ ‘Israel’ sese ɖeɖe hã dea vɔvɔ̃ lãme na ame sia ame,


Yehowa gblɔ na Yosua be,


Wotu Yeriko ƒe agbowo goŋgoŋgoŋ le vɔvɔ̃ na Israelviwo ta, eye womeɖe mɔ na ame aɖeke be wòado go alo age ɖe eme o.


Nu si miawɔe nye, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã Yeriko du la zi ɖeka gbe sia gbe hena ŋkeke ade.


Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò o. Kplɔ aʋakɔ blibo la yi Ai, elabena ɣeyiɣi la de na mi azɔ be miaɖu Ai dzi. Metsɔ Ai fia kple eƒe ameawo katã de asi na mi.


Yehowa, míaƒe Mawu la kpe ɖe Israelviwo ŋu woɖu Fia Sixɔn dzi. Ale Israelviwo xɔ anyigba si dzi Amoritɔwo nɔ la katã.


Na nu sia nu si wò mawu Kemos na wò la nanye tɔwò eye nu sia nu si Yehowa, míaƒe Mawu la na míawo hã la, nanye mía tɔ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa