Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 6:13 - Agbenya La

13 eye nunɔla adre siwo si kpẽawo le la, dze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la, eye wonɔ kpẽawo kum. Aʋawɔla aɖewo dze ŋgɔ na nunɔlaawo, eye mamlɛawo kplɔ nubablaɖaka la ɖo, le esime kpẽawo ganɔ ɖiɖim ko.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 nunɔla adreawo tsɔ akɔfɛ adre dze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye wole akɔfɛawo kum, ke amesiwo bla akpa la, dze wo ŋgɔ, eye ame mlɔeawo dze Yehowa ƒe aɖaka la yome, eye wole akɔfɛawo kum atraɖii.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 6:13
8 Mawu Ofanana  

Esi Yehowa kpe ɖe Levitɔ siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu ta la, wotsɔ nyitsu adre kple agbo adre sa vɔe.


Ame mamlɛtɔwoe nye Dan ƒe to la. Wonɔ woƒe aflaga yome le woƒe kplɔla, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te.


Ke ame si anɔ te ase ɖe nuwuwu la, woaɖee.


Migana míagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o, elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.


Yosua fɔ ŋdi kanya, nunɔlaawo kɔ nubablaɖaka la,


Ale wozɔ ƒo xlã du la zi ɖeka le ŋkeke evelia gbe, eye wogatrɔ yi asaɖa la me. Wowɔ alea ŋkeke ade.


Na nunɔla adre ɖe sia ɖe natsɔ lãdzokpẽwo ɖe asi, eye woadze ŋgɔ na nubablaɖaka la. Le ŋkeke adrelia gbe la, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã du la zi adre le esime nunɔlaawo anɔ kpẽawo kum.


Ame siwo lé aʋawɔnuwo ɖe asi la dze ŋgɔ na nunɔla siwo nɔ kpeawo kum, eye ame mamlɛawo dze nubablaɖaka la yome. Kpẽawo nɔ ɖiɖim esi wonɔ nu siawo katã wɔm.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa