Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 6:1 - Agbenya La

1 Wotu Yeriko ƒe agbowo goŋgoŋgoŋ le vɔvɔ̃ na Israelviwo ta, eye womeɖe mɔ na ame aɖeke be wòado go alo age ɖe eme o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke wodo Yerixo ƒe agbowo hexe mɔ na Israel-viwo, eye amea ɖeke mete ŋu do alo va me o.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 6:1
12 Mawu Ofanana  

Esi David se nya sia la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ.


Fia Hosea wɔ babla kple Egipte fia So, be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖe ye ɖokui ɖa le Asiria fia ƒe ŋusẽ te. Ke Asiria fia va nya nu tso babla sia ŋu. Gawu la, Hosea gbe megaxea ga la na Asiria fia o. Ale Asiria fia lé Hosea de gaxɔ me eye wòde kɔsɔkɔsɔe ɖe eƒe aglãdzedze ta.


Tete Eliya gblɔ nɛ be “Elisa, nɔ afi sia elabena Yehowa dɔm ɖe Yeriko.” Ke Elisa gaɖo eŋu be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi Yeriko.


Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.


hetrɔ yi anyigbeme, yi Atarɔt kple Naara, ɖatɔ Yeriko, eye wòwu nu ɖe Yɔdan tɔsisi la nu.


Du blaeve-vɔ-ade siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye: Yeriko, Bet Hogla, Emek Keziz,


Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ afi ma ŋkeke eve,


Wogblɔ be, “Kakaɖedzi blibo li bena, Yehowa atsɔ anyigba la katã ana mí, elabena afi ma tɔwo katã le mía vɔ̃m ŋutɔŋutɔ.”


Ale dɔlawo di wo yi keke Yɔdan tɔsisi la to. Esi dɔlawo dze mɔ ko la, wotu dua ƒe agbowo.


Yehowa ƒe Aʋafia la gblɔ nɛ be, “Ɖe wò afɔkpa le afɔ, elabena teƒe kɔkɔe aɖee nètsi tsitre ɖo!” Yosua wɔ nu si Aʋafia la ɖo nɛ, heɖe eƒe afɔkpa la le afɔ.


Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mieɖu Yerikotɔwo kple woƒe fia kple woƒe aʋawɔla sesẽwo katã dzi xoxo, elabena metsɔ wo de asi na mi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa