Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 4:5 - Agbenya La

5 eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yɔdan tɔsisi la titina, afi si nubablaɖaka la le; mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta tso afi ma. Kpeawo ƒe xexlẽme nanɔ wuieve, ɖeka ɖe to wuieveawo dometɔ ɖe sia ɖe nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Yosua gblɔ na wo bena: Miyi Yordan titina le Yehowa, mia Mawu ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye mia dome amesiame natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta, ɖe Israel-viwo ƒe toawo ƒe xexlẽme nu;

Onani mutuwo Koperani




Yosua 4:5
7 Mawu Ofanana  

eye wògblɔ na eƒe amewo be woafɔ kpewo ali kɔ ɖe kpe la dzi. Emegbe Yakob kple Laban ɖu nu ɖekae le kpeawo gbɔ.


Mose ŋlɔ Yehowa ƒe seawo katã da ɖi. Esi ŋu ke ŋdi kanya la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe to la te, eye wòɖo dzesidekpe wuieve ƒo xlã vɔsamlekpui la, elabena to wuievee wɔ Israel dukɔ la.


“Ne ètso Yɔdan tɔsisi la, eye nèɖo Ŋugbedodonyigba la dzi la, ɖe kpe gãwo tso tɔsisi la me, eye nàtsɔ wo awɔ ŋkuɖodzikpe enumake ɖe tɔsisi la ƒe akpa kemɛ le Ebal to la gbɔ. Si akalo na kpeawo,


“O! Israel, see. Èle Yɔdan tɔsisi la tso ge egbe, eye nàde asi dukɔ siwo le tɔsisi la godo la nyanya me. Dukɔ mawo tri akɔ, eye wosẽ wu wò! Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã woƒe duwo.


Ke hafi woatso Yɔdan adzo le Kanaanyigba dzi la, wotu ŋkuɖodzikpe gã aɖe abe vɔsamlekpui ene be ame sia ame nakpɔ.


Ale Yosua yɔ ame wuieve siwo wòtia tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me,


Mitsɔ wo tu ŋkuɖodzikpe ale be ne mia viwo abia mi gbe aɖe gbe be, ‘Nu kae ŋkuɖodzikpe sia le fiafiam mahã?’ la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa