Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 4:11 - Agbenya La

11 Esi ameawo katã tso tɔsisi la la vɔ la, nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la tso tɔʋu la me va wo gbɔ le godzi, eye wodze ŋgɔ na wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Esi dukɔ la ɖi go vɔ la, Yehowa ƒe aɖaka la hã va tɔa godo, eye nunɔlawo dze dukɔ la ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 4:11
7 Mawu Ofanana  

Ke miadzo kplakplakpla alo asi adzo o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na mi, eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi.


“ ‘Mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieva Yeriko, afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi abe ale si Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Girgasitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo siaa wɔ ene. Wowɔ aʋa kpli mi ɖeka ɖeka, gake metsrɔ̃ wo katã.


Nunɔla siwo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi le Yɔdan tɔsisi la titina, ale Israelviwo katã tso eme va se ɖe esime dukɔ blibo la tso tɔsisi la le anyigba ƒuƒu dzi.


Gblɔ na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woatɔ ɖe tɔsisi la nu.”


Nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la, tsi tsitre ɖe tɔsisi la titina va se ɖe esime wowɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa gblɔ na Yosua to Mose dzi la dzi. Ameawo ɖe abla zɔ tɔʋu ƒuƒui la me.


Ŋutsu siwo tso Ruben kple Gad ƒe towo me kple Manase ƒe to afã me la bla akpa na aʋawɔwɔ, eye wodze ŋgɔ na Israelviwo abe ale si Mose ɖo na wo ene.


eye esi nunɔlawo ɖo afɔ tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi ko la, tɔsisi la gade asi sisi me, eye wògagbagba ɖe eƒe gowo dzi abe tsã ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa