Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 3:3 - Agbenya La

3 eye woɖe gbeƒã na ameawo be, “Ne miekpɔ nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo wokɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la, ekema miho miadze wo yome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye wode se na dukɔ la bena: Ne miekpɔ be, nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo, tsɔ Yehowa, mia Mawu ƒe nubablaɖakaa la, ekema miawo hã míaho le mia teƒewo adze eyome.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 3:3
20 Mawu Ofanana  

Ne ame siwo kɔ nubablaɖaka la ɖe afɔ zi ade la, wotɔna, lalana eye David tsɔa nyitsu ɖeka kple alẽvi dami ɖeka saa vɔe.


Wokɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi eye wokɔe tso Abinadab ƒe aƒe si le toa ŋu la me. Ame siwo tutu tasiaɖam la woe nye Abinadab ƒe viŋutsuwo, Uza kple Ahio.


Esi Israelviwo ƒe ametsitsiawo katã va ɖo la, nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la.


alo nunɔla siwo nye Leviviwo la nagbe ame si anɔ nye ŋkume ɖaa anɔ numevɔsa, nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuwo wɔm nam la kpɔkpɔ o.’ ”


Wozɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ tso Sinai to, Yehowa ƒe to la gbɔ. Nubablaɖaka la le wo ŋgɔ be yeatia teƒe si woatɔ ɖo la na wo.


“Ne Aron kple via ŋutsuwo wu agbadodo kple nu kɔkɔeawo kple wo ŋunuwo katã nu vɔ, eye ameha la le klalo be yeaho adzo la, Kohat ƒe viwo ava akɔ agbawo. Ke womekpɔ mɔ aka asi nu kɔkɔeawo ŋu o, be womagaku o. Kohat ƒe viwo akɔ nu siwo katã le agbadɔ la me.


Esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme,


Hafi wòaɖe nu le nya sia me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖe va egbɔ gblɔ nɛ be, “Nufiala, nye la, makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.”


eɖe gbe na Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la be,


Le esia megbe la, Mose ŋlɔ se siwo wòde na ameawo la, eye wòtsɔ wo na nunɔlawo, Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le. Mose tsɔ se siwo wòŋlɔ la na Israel ƒe ametsitsiwo hã.


Mieva afi sia kpɔ o, eya ta nunɔlawo afia afi si miayi la mi, gake migate ɖe nubablaɖaka la ŋu kplikplikpli o; mina dometsotso abe kilomita ɖeka ene nanɔ miawo kple nubablaɖaka la dome. Mikpɔ egbɔ be yewomete ɖe eŋu wu nenema o.”


Yosua gblɔ na nunɔlawo le ŋdi me be, “Mikɔ nubablaɖaka la, eye miakplɔ mí atso Yɔdan tɔsisi lae!” Ale wodze mɔ.


Gblɔ na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woatɔ ɖe tɔsisi la nu.”


Nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la, tsi tsitre ɖe tɔsisi la titina va se ɖe esime wowɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa gblɔ na Yosua to Mose dzi la dzi. Ameawo ɖe abla zɔ tɔʋu ƒuƒui la me.


Yosua, Nun ƒe vi, yɔ nunɔlaawo hegblɔ na wo be, “Mikɔ nubablaɖaka la; mia dometɔ adre nakɔ woƒe kpẽwo, eye miadze Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ.”


Ame siawoe nye ame siwo meƒo ɖi wo ɖokuiwo kple nyɔnunya o, elabena wowɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe. Wokplɔa Alẽvi la ɖo yia afi sia afi si wòyina la. Woƒle wo tso amegbetɔwo dome, eye wotsɔ wo na Mawu kple Alẽvi la abe nukuwo ƒe gbãtɔwo ene.


Ame aɖewo tso Levi ƒe to la me ɖe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikalegeliawo kple sikaƒoƒoeawo nɔ la le keke la dzi eye woda wo ɖe agakpe la dzi. Bet Semestɔwo sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, gbe ma gbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa