Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 3:14 - Agbenya La

14 Ale esi ameawo do le asaɖa la me yina be woatso Yɔdan tɔsisia la, nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la dze ŋgɔ na wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete dukɔ la do tso woƒe agbadɔwo me, eye woho, be yewoatso Yordan, eye nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la dze dukɔa ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 3:14
10 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, tso, ne nàva wò gbɔɖemeƒe, wò kple wò ŋusẽ ƒe nubablaɖaka la gbɔ.


Le ŋkeke mawo me, ne miedzi ɖe edzi fũu le anyigba dzi la, amewo magagblɔ azɔ be, ‘Yehowa ƒe nubablaɖaka o. Mage ɖe woƒe susu me alo woaɖo ŋku edzi o; womagabia eta ase alo awɔ bubu o.’ Yehowae gblɔe.


“Mitsɔ segbalẽ sia da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ŋkuɖodzinu na mi


Nu siwo le xɔ sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be nubablaɖaka. Wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikazɔ si me mana le la hã le aɖaka la me hekpe ɖe Aron ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti.


“ ‘Mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieva Yeriko, afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi abe ale si Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Girgasitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo siaa wɔ ene. Wowɔ aʋa kpli mi ɖeka ɖeka, gake metsrɔ̃ wo katã.


eye woɖe gbeƒã na ameawo be, “Ne miekpɔ nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo wokɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la, ekema miho miadze wo yome.


Yosua gblɔ na nunɔlawo le ŋdi me be, “Mikɔ nubablaɖaka la, eye miakplɔ mí atso Yɔdan tɔsisi lae!” Ale wodze mɔ.


Yosua, Nun ƒe vi, yɔ nunɔlaawo hegblɔ na wo be, “Mikɔ nubablaɖaka la; mia dometɔ adre nakɔ woƒe kpẽwo, eye miadze Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa