Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 3:13 - Agbenya La

13 Ne nunɔla siwo kɔ Yehowa, anyigba la katã ƒe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la, ka afɔ Yɔdan tɔsisi la me teti ko la, eƒe tsi siwo le sisim yi anyigbeme la nu atso, eye woazu gli.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ne nunɔla, siwo tsɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ, Yehowa ƒe nubablaɖaka, ƒe afɔƒome ka Yordan me tsia me la, ekema Yordan me tsi la nu atso, eye dzigbe gome tsi la amii kɔ de afi ɖeka.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 3:13
13 Mawu Ofanana  

Tɔwòe nye ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, dziɖuɖu kple gãnyenye. Oo, Yehowa, tɔwòe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, míekafu wò be nu sia nu le wò dzikpɔkpɔ te.


Eƒo atsiaƒumetsiwo nu ƒu ɖe kpluwo me, eye wòdzra tɔ goglowo ɖo ɖe nudzraɖoƒewo.


Wòe ʋu nu le tsitsetsewo kple tɔʋuwo nu wosi bababa, eye wòe na tɔ siwo sina ɖaa la mie.


Ema atsiaƒu, hekplɔ wo to emee, eye wòna tsi la tɔ dzɔ kã abe glikpɔ ene.


Wò ŋɔtimegbɔgbɔ do, eye wòna tsiawo ƒu kpo. Tsi sisi la nɔ te, eye wòlé akpa aveawo ɖe te abe gli ene, eye tsi goglo la zi ɖoɖoe le atsiaƒu la titina.


elabena wò wɔlae nye srɔ̃wò. Eƒe ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela. Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu.


Ètsɔ wò sɔwo blu atsiaƒu kple tsi gbana la.


Ale wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame eve siwo wosi ami na be woasubɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ.”


Mibu eŋu kpɔ! Mawu, ame si nye Aƒetɔ na xexea me katã la ƒe nubablaɖaka akplɔ mí atso tɔsisi lae!


miagblɔ na wo be, Yɔdan tɔsisi la dzudzɔ sisi le nubablaɖaka la ŋgɔ. Esi wòtso Yɔdan tɔsisia la, tsi la ƒe sisi nu tso. Kpe siawo anye ŋkuɖodzikpe na Israelviwo tegbetegbe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa