Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 3:1 - Agbenya La

1 Yosua kple Israelviwo katã fɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ tso Sitim va ɖo Yɔdan tɔsisi la to le fiẽ me. Wotsi afi ma dɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hafi tso tɔsisi la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tete Yosua kple Israel-viwo katã fɔ ŋdi kanya, eye woho tso Sitim heva Yordan nu, eye wotsi afima dɔ, hafi woava tso tɔ la.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 3:1
16 Mawu Ofanana  

Ale Abraham fɔ ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo mɔ eya kple wo vi Ismael. Hagar zɔ mɔ kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o.


Le fɔŋli la, Abraham dze nake hena dzododo ɖe vɔsamlekpui la dzi. Edo agba na eƒe tedzi, eye wòkplɔ via Isak kple ɖekakpui eve siwo nye eƒe subɔlawo la ɖe asi heɖo ta teƒe si Mawu gblɔ nɛ be wòayi la.


Maɖe abla, nyemahe ɖe megbe o, be mawɔ ɖe wò sededewo dzi.


Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o.


eye ne mieɖo to nye dɔla nyagblɔɖila siwo meɖo ɖe mi enuenu (ame siwo miedo tokui va yi la ƒe nyawo o la),


Yehowa be, ‘Esi mienɔ nu siawo katã wɔm la, meƒo nu na mi zi geɖe gake miesee o, meyɔ mi gake mietɔ o.


Nye dukɔ, ɖo ŋku aɖaŋu si Moab fia, Balak, ɖo kple ale si Balaam, Beor ƒe vi la ɖo eŋu nɛ la dzi. Ɖo ŋku wò mɔzɔzɔ tso Sitim yi Gilgal la dzi, be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.”


Esime Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sitim la, woƒe ɖekakpui aɖewo de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab ɖetugbiwo.


Le fɔŋli la, Yesu ɖeka do go, eye wòɖe eɖokui ɖe aga be yeado gbe ɖa.


Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ afi ma ŋkeke eve,


Yosua fɔ ŋdi kanya, nunɔlaawo kɔ nubablaɖaka la,


Le ŋkeke adrelia ƒe fɔŋli la, wogadze mɔ, ke azɔ ya la, womegaƒo xlã du la zi ɖeka ko o, ke boŋ woƒo xlãe zi adre.


Ale esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua kplɔ Israelviwo ƒe towo va Yehowa ŋkume, eye wòtɔ asi Yuda ƒe to la dzi.


Esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua yɔ aʋawɔlawo, eye woawo kple Israel ƒe ametsitsiwo ɖo ta Ai.


Esi ŋu ke la, Israelviwo ƒu asaɖa anyi te ɖe Gibea ŋu.


David fɔ ŋdi kanya, tsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔvi ɖeka. Edo agba eye wòdze mɔ abe ale si Yese ɖo nɛ ene. Eɖo asaɖa la me esi asrafoawo bɔ asaɖa le aʋaɣli dom yina ɖe woƒe nɔƒewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa