Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 24:7 - Agbenya La

7 ale Israelviwo do ɣli yɔm, eye mena viviti do ɖe woawo kple Egiptetɔwo dome. Mena atsiaƒu la ŋe dze Egiptetɔwo dzi, eye wonyrɔ ɖe tsi la me, miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ. Le esia megbe la, Israelviwo nɔ gbegbe la ƒe geɖe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wodo ɣli yɔ Yehowa, tete wòde viviti mia kple Egiptetɔwo dome, eye wòna ƒu la ŋe gbagba ɖe wo dzi. Miekpɔ nusiwo mewo Egiptetɔwo la kple ŋku, eye mietsi gbedzi eteƒe didi.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 24:7
14 Mawu Ofanana  

Esi Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ gbɔna la, Israelviwo kpɔ wo ɖaa le adzɔge ke, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wodo ɣli na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu.


ale wòtɔ ɖe Egipte ƒe aʋakɔwo kple Israelviwo dome. Le zã blibo la me la, lilikpo la na viviti do ɖe akpa ɖeka, eye kekeli do ɖe akpa kemɛ, ale wo dometɔ aɖeke mete ɖe nɔvia ŋu le zã blibo la me o.


Esime Israelviwo kpɔ nukunu triakɔ si Yehowa wɔ na wo ɖe Egiptetɔwo ŋu la, wovɔ̃, wode bubu Yehowa ŋu, eye woxɔ eya kple eƒe dɔla Mose dzi se.


Ale wonɔ afi ma, Kades, ɣeyiɣi didi aɖe.


“Ale míezɔ mɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi hafi te ŋu to Zered mlɔeba, heɖo Kades, elabena Yehowa ka atam be míaɖo Kades o, va se ɖe esime ame siwo katã tsi ate ŋu ayi aʋa le ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi si va yi me la katã ku hafi.


Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: Miawo ŋutɔ miekpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ Farao, eŋumewo kple anyigba blibo la le Egipte.


Teƒe bubu kae miagate ŋu akpɔ ale si Mawu ɖe dukɔ aɖe tso kluvinyenye me, eye wòɖo dɔvɔ̃ dziŋɔwo ɖa, wɔ nukunu triakɔwo, eye wòhe aʋawɔwɔ kple ŋɔdzi vɛ la ƒe kpɔɖeŋu le? Nu sia tututue Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le Egipte le miawo ŋutɔ mia ŋkume.


Eye ame kawo ŋue wòdo dziku ɖo hena ƒe blaene sɔŋ? Ɖe menye ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woƒe ŋutilã kukuwo tsi gbea dzi lae oa?


Israel dukɔ la tsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime ŋutsu siwo katã tsi, eye woate ŋu ade aʋa esi wodzo le Egipte la ku. Womeɖo to Yehowa o, eya ta Yehowa ka atam be yemana woade anyigba si ŋugbe yedo na Israel, “Anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa