Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 24:2 - Agbenya La

2 Yosua gblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la be, ‘Mia tɔgbuiwo, Tera, Abraham kple Nahor fofo wonɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, eye wosubɔ mawu bubuwo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Yosua gblɔ na dukɔ blibo la bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Tsãtsãtsã la mia fofowo nɔ tɔsisi la ƒe go keme dzi, Tarax, Abraham kple Naxor fofo, eye wosubɔ mawu bubuwo.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 24:2
16 Mawu Ofanana  

Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Nahor.


Esi Nahor xɔ ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ la, edzi Tera.


Esi Tera xɔ ƒe blaadre la, edzi Abram, Nahor kple Haran.


Tera ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si. Tera dzi Abram, Nahor kple Haran; eye Haran dzi Lot.


Esi Laban yi ɖe fu ko ge na eƒe alẽwo la, Rahel fi fofoa ƒe aklamakpakpɛwo tsɔ dzoe.


Ke esi nèkpɔ be ele be yeadzo, eye aƒe nɔ dzrowòm vevie nenema ɖe, nu ka ta nèfi nye aklamakpakpɛwo dzoe ɖo?”


Ke le wò aklamakpakpɛwo gome la, woaƒo fi ade ame si fi wo la, eye wòaku! Ka nye nuwo katã me le mía nɔviawo ƒe ŋkume kpɔ be wò nane le wo me mahã. Ne èkpɔ wò nane si mefi dzoe la, ekema tsɔe.” Ke Yakob menya be Rahel fi aklamakpakpɛawo o.


Meyɔ Abraham kple Nahor kpakple wo fofowo ƒe Mawu la be wòatsrɔ̃ mía dometɔ si mawɔ nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi o la.” Ale Yakob ka atam le fofoa Isak ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume be yealé ŋku ɖe liƒo la ŋu.


Ale wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple togɛwo katã na Yakob, eye wòɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Sekem.


ame si dzi Abram ame si wova yɔna emegbe be Abraham.


Mikpɔ mia fofo Abraham kple Sara, ame siwo dzi mi la dzi. Esi meyɔe la, eya ɖeka koe, gake meyrae, eye mewɔe wòzu ame geɖe.


Eye nàgblɔ nɛ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem nye si; ‘Wò dzɔtsoƒe kple wò dzidzi nɔ Kanaantɔwo ƒe anyigba dzi. Mia fofo nye Amoritɔ, eye mia dada nye Hititɔ.


Yuda fofoe nye Yakob, Yakob fofoe nye Isak, Isak fofoe nye Abraham, Abraham fofoe Tera, Tera fofoe nye Nahɔ,


Esia megbe la, àgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkume be, ‘Tɔgbuinyewo nye Arameatɔwo. Woʋu yi Egipte le sitsoƒedidi ta. Wonye ame ʋɛ aɖewo ko, ke wova zu dukɔ gã aɖe le Egipte.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa