Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 23:9 - Agbenya La

9 Yehowa nya dukɔ triakɔwo ɖa le mia ŋgɔ, eye dukɔ aɖeke mete ŋu ɖu mia dzi o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Yehowa nyã dukɔ gã kple dukɔ sesẽwo ɖa le nua ŋgɔ, ke miawo la amea ɖeke mete ŋu nɔ te ɖe mia nu vaseɖe fifi o.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 23:9
14 Mawu Ofanana  

Ewɔ ŋunyɔnu geɖewo to legbawo yomedzedze me abe Amoritɔ siwo Yehowa nya le Israel ŋgɔ la ene.


Oo míaƒe Mawu, ɖe menye wòe nya trɔ̃subɔla siwo nɔ anyigba sia dzi, esi Israel, wò amewo va ɖo la ɖa oa? Ɖe menye wòe tsɔ anyigba sia na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo oa?


elabena nye Dɔla adze ŋgɔ na wò, akplɔ wò ayi Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi be mianɔ afi ma. Matsrɔ̃ dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò.


Ke manɔ wo nyam ɖa vivivi va se ɖe esime wò amewo adzi axɔ anyigba blibo la dzi.


Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yosua va zu kplɔla, eye wòho aʋa ɖe dukɔwo ŋu la, wokɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋuti dɔ va se ɖe Fia David ŋɔli.


ekema Yehowa anya dukɔwo katã ɖa le mia ŋgɔ, aleke gbegbe woasɔ gbɔ wu mi, eye woasẽ wu mi hã!


Mawu atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò, eye nàtutu woƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la ŋkume. Wo dometɔ aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o. Ke boŋ àtsrɔ̃ wo.


Le wò agbemeŋkekewo katã me la, ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o, elabena manɔ kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. Nyemagblẽ wò ɖi alo aɖe asi le ŋuwò o.


Esia ta Kaleb nya Anak ƒe vi etɔ̃awo, Talmai, Sesai kple Ahiman ƒe dzidzimeviwo le anyigba la dzi,


Yehowa, miaƒe Mawu la ana miaƒe futɔwo nagbugbɔ, eye wòanya wo, woasi le mia ŋgɔ. Miaxɔ woƒe anyigbawo abe ale si Yehowa, miaƒe Mawu la do ŋugbe na mi ene.


Ke midze Yehowa, miaƒe Mawu la yome abe ale si miele wɔwɔm va se ɖe fifia ene.


Yehowae nya Amoritɔwo kple dukɔ bubu siwo nɔ anyigba sia dzi. Ɛ̃, míetia Yehowa, elabena eya ɖeka koe nye Mawu.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa