Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 23:8 - Agbenya La

8 Ke midze Yehowa, miaƒe Mawu la yome abe ale si miele wɔwɔm va se ɖe fifia ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 ke boŋ nuku ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu, abe alesi miewɔ vaseɖe egbe ene.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 23:8
11 Mawu Ofanana  

Elé ɖe Yehowa ŋu eye megbugbɔ le eyome o. Elé se siwo katã Yehowa de na Mose la me ɖe asi.


Esi Barnabas kpɔ nu gã siwo Mawu wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi edzi alé ɖe Mawu ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã.


Ele be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miasubɔe anukwaretɔe, mialé ɖe eŋu, eye miaka atam ɖe eya ɖeɖe ko ƒe ŋkɔ dzi.


“Ne miewɔ ɖe se siwo katã mede na mi dzi pɛpɛpɛ, ne mielɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, ne miezɔ ɖe eƒe ɖoɖowo katã dzi, eye mielé ɖe eŋu la,


Migasubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o. Misubɔ Yehowa miaƒe Mawu ko. Miwɔ ɖe eya ko ƒe sewo dzi, eye mialé ɖe eŋu.


“Ele be woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula si dina be yeakplɔ mi atrae, elabena edina be yeana miadze aglã ɖe Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la ŋu. Ne miewui la, miaɖe nu vɔ̃ ɖa le mia dome.


Ke mi ame siwo katã ku ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti la, miegale agbe va se ɖe egbe.


abe ale si Yehowa na dukɔ bubuwo tsrɔ̃ va yi la ene. Miawo hã miatsrɔ̃ nenema ke, ne miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe seawo dzi o.”


Mikpɔ egbɔ be mieyi se siwo Mose de na mi la wɔwɔ dzi, milɔ̃ Yehowa, eye mizɔ ɖe ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ ŋu la nu. Milé ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, eye miasubɔe kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo.”


Mikpɔ nyuie be, miade ha kple trɔ̃subɔla siwo gale anyigba la dzi kura o. Migayɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã o; migawɔ woƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me o, eye migasubɔ wo o.


Yehowa nya dukɔ triakɔwo ɖa le mia ŋgɔ, eye dukɔ aɖeke mete ŋu ɖu mia dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa