Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 23:3 - Agbenya La

3 Miekpɔ nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le nye agbenɔɣi. Ewɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòtsɔ woƒe anyigba na mi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mia ŋutɔwo miekpɔ nusiwo Yehowa, mia Mawu la, wɔ dukɔ siawo katã le mia ŋgɔ, elabena Yehowa, mia Mawue, wɔ aʋa na mi.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 23:3
13 Mawu Ofanana  

Yehowa awɔ aʋa na mi; miawo ya mizi kpoo nɛ ko.”


‘Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ Egiptetɔwo kple ale si mekplɔ mi va ɖokuinye gbɔ abe ɖe metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋalãwo dzi ene.


Esi mekplɔ wo va anyigba si meka atam be mana wo dzi, eye wokpɔ to kɔkɔ aɖe alo ati aɖe si do wusuu la, afi ma wowɔa vɔsawo kple vɔsanunanawo le, eye wodoa dziku nam. Wodoa dzudzɔʋeʋĩwo, eye wowɔa woƒe nunovɔsawo.’


O, mi, Israelviwo, mitsa ŋku ne miakpɔ nu siwo wɔm Yehowa le, le xexea me godoo ekema miagblɔ be, ‘Nyateƒee, Yehowa ƒe ŋusẽ tri akɔ la gbɔ míaƒe liƒowo ŋu yi sãsãsã!’


Yehowa Mawue nye míaƒe kplɔla eye wòawɔ aʋa na mí kple eƒe nukumɔ triakɔwo abe ale si wòwɔ miekpɔ le Egipte ene.


Yehowa, mia Mawu la le yiyim kpli mi! Awɔ aʋa kple futɔ la na mi, eye wòana miaɖu dzi!’


Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome.


Ɖewohĩ miabia mia ɖokuiwo be, “Dukɔ siawo sesẽ wu mí, aleke míate ŋu awɔ anya wo ɖa?”


Mawu atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò, eye nàtutu woƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la ŋkume. Wo dometɔ aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o. Ke boŋ àtsrɔ̃ wo.


Ŋkeke sia tɔgbi meva yi kpɔ o, eye etɔgbi megava kpɔ o tso gbe ma gbe, esi Yehowa tɔ ɣe kple ɣleti le ame ɖeka ƒe gbedodoɖa ta. Ke Yehowa nɔ aʋa wɔm na Israel.


Wowɔ nu siawo katã le aʋadzedze ɖeka pɛ ko me, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la nɔ aʋa wɔm na wo.


Mia dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe te ŋu nya futɔ akpe ɖeka ɖe du nu, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la wɔa aʋa na mi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa