Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 23:16 - Agbenya La

16 Ne miewɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi dzi o, eye ne miesubɔ Mawu bubuwo la, ekema ahe to na mi le eƒe dɔmedzoe me, eye eteƒe madidi o la, mia dometɔ aɖeke magasusɔ ɖe anyigba nyui si Yehowa tsɔ na mi la dzi o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ne mietu Yehowa, mia Mawu la ƒe nu, si wòbia kpli mi, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, ekema Yehowa ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye miatsrɔ̃ avɔ xoxoxo le anyigba nyui, si wòna mi la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 23:16
16 Mawu Ofanana  

Ekema Yehowa aʋuʋu Israel abe ale si tɔsisi nyamaa aƒla si ge ɖe eme la ene, aho Israel le wo fofowo ƒe anyigba nyui sia dzi eye wòakaka wo ɖe Frat tɔsisi la godo, esi wodo dɔmedzoe na Yehowa to aƒeliwo subɔsubɔ me la ta.


“Ke ne wò alo viwòwo miede megbe le ŋunye, eye miewɔ nye seawo kple ɖoɖo siwo mede asi na mi dzi o, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la,


ekema makplɔ Israel dukɔ la adzoe le anyigba si metsɔ na wo la dzi. Maɖe wo le gbedoxɔ sia si ŋu mekɔ na nye ŋkɔ la me eye manya wo le nye ŋkuta. Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.


Esiawo katã va eme elabena Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egipte eye wòɖe wo le Farao, Egipte fia ƒe ŋusẽ te la ŋu. Wosubɔ mawu bubuwo.


Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti.


Anyigbadzinɔlawo do gu anyigba la, woda le sewo kple ɖoɖowo dzi, eye wotu nubabla mavɔ la,


Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo.


“Kpɔ ale si woƒu kpo ɖe dua ŋutii be woaxɔe ɖa. Le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta la, woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖee. Nu si nègblɔ la va eme abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene.


Ekema matsrɔ̃ mi abe ale si meɖo be matsrɔ̃ woe la ene.’ ”


to mawu bubuwo, ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo subɔsubɔ me, nu siwo ŋu mede se na mi le vevie la,


“Ne màɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o, eye màwɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo siwo mexlẽ na wò egbea dzi o la, Mawu ƒe fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò.


elabena Yehowa, wò Mawu la, ame si le mia dome la nye Mawu ʋãŋu; ate ŋu ado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba la ŋkume.


Le Yehowa ƒe dɔmedzoe si wòdo ɖe Israel ŋu ta la, etsɔ wo de asi na adzohawo eye woha wo. Etsɔ wo dzra na woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo, ame siwo nu womagate ŋu nɔ te ɖo o.


Le esia ta Yehowa do dɔmedzoe vevie ɖe Israel ŋu hegblɔ be, “Esi dukɔ sia tu nu si mebla kple wo fofowo eye womeɖo tom o ta la,


Ke ne mieyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi la, woatsrɔ̃ mi kple miaƒe fia la siaa.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa