Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 23:1 - Agbenya La

1 Le esiawo katã megbe esi Yehowa na be Israelviwo ɖu woƒe futɔwo katã dzi, eye wokpɔ gbɔdzɔe la, Yosua, ame si zu amegãɖeɖi azɔ la

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Yehowa na Israel kpɔ gbɔdzɔe tso eƒe futɔ, siwo katã ƒo xlãe godoo, si me eteƒe didi, eye Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la,

Onani mutuwo Koperani




Yosua 23:1
15 Mawu Ofanana  

Abraham mia nu, eye eƒe agbe nu tso le ƒe geɖe xɔxɔ megbe. Enɔ agbe wòde edeƒe, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.


Esi Fia David tsi xɔ ƒe geɖe la, vuvɔ wɔnɛ ale gbegbe be, ne wotsyɔ avɔ geɖe nɛ hã la, vuvɔ gawɔnɛ kokoko.


elabena David gblɔ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la na ŋutifafa mí eye wòanɔ Yerusalem ɣe sia ɣi.


Esiae nye Israelviwo ƒe hatsotsowo le ƒometatɔwo, ame akpewo ƒe tatɔwo, ame alafawo ƒe tatɔwo kple woƒe dɔnunɔlawo nu, ame siwo wɔ dɔ na fia la le aʋakɔ la ƒo hatsotsowo me, ame siwo nɔa dɔme dzinu ɖeka ɖe wo nɔewo yome le ƒea me. Ŋutsu akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) nɔ hatsotso ɖe sia ɖe me.


Abiya ku eye woɖii ɖe David ƒe du la me. Via ŋutsu, Asa, zu fia ɖe eteƒe eye le eƒe fiaɖuɖu ƒe ŋkekewo me la, ŋutifafa nɔ dukɔ la me ƒe ewo sɔŋ


Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe ɣelegbawo ɖa le togbɛawo dzi kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo ɖa le Yuda duwo me. Esia ta Mawu na ŋutifafa nɔ eƒe fiaduƒe me.


Ale ŋutifafa nɔ Yehosafat ƒe fiaɖuƒe me elabena eƒe Mawu na dzudzɔe.


Ena aʋawɔwɔ nu tso va se ɖe keke anyigba ƒe mlɔenu ke; eŋe da, eye wòfli akplɔ, hetɔ dzo akpoxɔnuwo.


Abe nyi si wokplɔ yina ɖe gbeɖuƒe ene la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ na wogbɔ ɖe eme. Aleae nèkplɔ wò dukɔ lae be nàde bubuŋkɔ ɖokuiwò ŋu.


egagblɔ na ameawo be, “Fifia mexɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve. Ŋutete megale ŋunye be mado go, eye magava eme o, elabena Yehowa gblɔ nam be nyematso Yɔdan tɔsisi la o.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etsɔe na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae ɖe toawo dome. Ale aʋawɔwɔ nu tso le anyigba la dzi.


Yosua tsi heku amegã azɔ, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Fifia, èzu amegãɖeɖi, evɔ dukɔ geɖewo gali siwo dzi wòle be miaɖu.


Yehowa na ŋutifafa wo abe ale si wòdo ŋugbe ene; ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo katã dzi.


Azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la na dziɖuɖu kple dzudzɔ mí abe ale si wòdo ŋugbe ene, eya ta miyi miaƒe anyigba si Mose, Yehowa ƒe dɔla na mi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ la dzi azɔ.


Ame si anɔ mia ŋgɔ. Fifia metsi, nye ta ƒo wɔ eye vinyewo le mia dome; mekpɔ mia dzi tso keke nye ɖekakpuime ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa