Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 22:9 - Agbenya La

9 Ale Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la dzo le Israelviwo ƒe aʋakɔ la me le Silo, le Kanaanyigba dzi. Wotso tɔsisi la heyi woƒe anyigba dzi le Gilead.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase ƒe to afã la gbugbɔ tso Israel-viwo gbɔ le Silo le Kanaan-nyigba dzi heyi woawo ŋutɔ ƒe anyigba Gilead, si woxɔ la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ to Mose dzi ene.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 22:9
19 Mawu Ofanana  

be wòaɖu fia ɖe Gilead, Asuri, Yezreel, Efraim, Benyamin kple Israel ƒe akpa bubuawo keŋ dzi.


Yoel nye lãnyila; enyi woƒe lãwo le gbegbe la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo heyi ɖe Frat tɔsisi la gbɔ elabena nyi geɖewo nɔ Gileadnyigba dzi.


Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee. Nye gakukue nye Efraim, eye Yuda nye nye fiatikplɔ.


Esi Israelviwo ɖo Yazer kple Gileadnyigbawo dzi la, Ruben kple Gad ƒe towo, ame siwo si alẽha gãwo le la kpɔ be anyigba la nyo ŋutɔ na lãnyinyi.


Mose gblɔ na wo be, “Enyo; ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi, abla akpa hena aʋawɔwɔ na Yehowa,


ekema ne míeɖu futɔwo dzi mlɔeba le Yehowa ŋkume la, miatrɔ ava afi sia, elabena miawu miaƒe dɔdeasiwo nu na Yehowa kple Israelvi bubuawo katã. Ekema anyigba si le tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la azu mia tɔ tso Yehowa gbɔ.


Mía viwo kple mía srɔ̃wo, míaƒe alẽwo kple nyiwo anɔ afi sia le Gilead du la me.


“Ne ame siwo wotia tso Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo dome be woayi aɖawɔ aʋa na Yehowa dometɔ ɖe sia ɖe tso Yɔdan tɔsisi la kple mi la, ekema ne miexɔ anyigba la le futɔwo si la, miatsɔ Gileadnyigba ana wo.


Mede se na mi be, “Yehowa, miaƒe Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne woanye mia tɔ. Mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israelviwo ŋgɔ.


va se ɖe esime miatrɔ agbɔ, eye mana to bubuawo hã naɖu woƒe futɔwo dzi. Ne woxɔ anyigba si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ na wo le Yɔdan tɔsisi la godo la, ekema miate ŋu atrɔ va afi sia, si nye miawo ŋutɔ ƒe anyigba la dzi.”


Mose lia Nebo to la tso Moab tagba la le Yeriko kasa, eye wòyi Pisga to la tame. Yehowa na wòkpɔ Ŋugbedodonyigba la tso afi ma, tso Gilead va se ɖe Dan.


Gilead kple anyigba si nye Gesuritɔwo kple Makatitɔwo tɔ kple Hermon to la, Basan to la kple Saleka du la


Yazer kple Gilead ƒe duwo katã kple Amonyigba ƒe afã heyi Aroer le Raba gbɔ nɔ Gad ƒe viwo ƒe anyigba la me.


Wotsɔ Gilead ƒe afã, Astarot kple Edrei (du siwo le Ɔg, Basan fia ƒe fiaɖuƒe me), na Makir, Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã. Esiawoe nye anyigba siwo wotsɔ na Manase ƒe vi Makir ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒome nu.


Ke hafi woatso Yɔdan adzo le Kanaanyigba dzi la, wotu ŋkuɖodzikpe gã aɖe abe vɔsamlekpui ene be ame sia ame nakpɔ.


Ale Israelviwo katã tso Dan va se ɖe Beerseba kple Gileadnyigba dzi la ƒo ƒu abe ame ɖeka ene ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa.


Nu ka ta Gilead ƒe viwo tsi Yɔdan godo Dan ƒe viwo tsi woƒe tɔdziʋuwo gbɔ? Nu ka ta Aser ƒe viwo drã ɖe ƒuta dzidzemetɔe le woƒe ʋudzeƒewo?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa