eye wòtsɔ abolo ɖeka, lãkɔ kple waintsetsebolo na ame sia ame le Israel ƒe ameha blibo la dome, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ale ame sia ame trɔ yi aƒe me.
David hã yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo. Mixal va do goe eye wògblɔ na David fewuɖutɔe be, “Israel fia la de bubu gã aɖe ŋutɔ eɖokui ŋu egbe! Eɖe eɖokui fia nyɔnuviwo le ablɔ dzi abe yakame gbɔlo aɖe ene!”
Esi ŋu ke la, edo mɔ ameawo wodzo. Woyra fia la hafi dzo yi aƒe me; dzidzɔ kple aseyetsotso yɔ woƒe dziwo me ɖe nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na eƒe dɔla, David kple eƒe dukɔ, Israel la ta.
Hekpe ɖe esia ŋu la, ame siwo tso Efraim, Manase, Isaka kple Zebulon ƒe hlɔ̃wo me va la, dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋuti o ale womenɔ Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum nyuie ɖe se la nu o. Fia Hezekia do gbe ɖa ɖe wo ta be,
Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene,
Le esia megbe la, Samuel tɔ asi nu siwo anye fia la ƒe gome kple eƒe dɔdeasiwo la dzi na ameha la. Eŋlɔ nu siawo ɖe lãgbalẽ dzi eye wòtsɔe ɖo Yehowa ŋkume. Samuel ɖe asi le dukɔ la ŋu eye ame sia ame yi eƒe du me.
Eli yraa Elkana kple srɔ̃a Hana gblɔna be, “Yehowa nana nyɔnu sia nadzi viwo na wò ne woaxɔ ɖe esi wòdo gbe ɖa bia gagbugbɔ tsɔ na Yehowa la teƒe.” Ale wodzona yina ɖe wo de.