Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 20:8 - Agbenya La

8 Yehowa gaɖoe be woagatia du bubu etɔ̃ woazu sitsoƒeduwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, le Yeriko ƒe akpa kemɛ. Sitsoƒedu siawoe nye Bezer le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi, Ramot le Gilead, le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi kple Golan le Basan, le Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye woɖo Bezer, si le gbedzi kple tagba la, ɖe Ruben-to la me le Yordan ƒe go keme dzi le Yerixo ƒe ɣedzeƒe, kple Ramot le Gilead ɖe Gad-to la me, kpakple Golan le Basan ɖe Manase-to la me.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 20:8
12 Mawu Ofanana  

Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu eye wòbia wo be, “Maho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo magaho aʋa ɖe eŋu oa?” Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Yehowa atsɔe ade fia la ƒe asi me.”


Ahazia kple Ahab ƒe vi Yoram woho aʋa ɖe Aram fia Hazael ŋu le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me


Tso Ruben ƒe to la me le Yɔdan ƒe akpa kemɛ le Yeriko kasa la, woxɔ Bezer le gbegbe la, Yaza,


Gad ƒe viwo tsɔ Ramot le Gilead, Mahanaim


Míexɔ du siwo katã le tonyigba la dzi kple esiwo le Gilead kple Basan azɔ va se ɖe keke Saleka kple Edrei.


Du siawo dometɔ ɖekae nye Bezer, le gbegbe la ƒe tonyigba dzi. Du sia li na Ruben ƒe viwo. Du eveliae nye, Ramot le Gilead. Eya li na Gad ƒe viwo. Du etɔ̃liae nye Golan, le Basan, eye wòli na Manase ƒe viwo.


Du siwo wotsɔ wɔ sitsoƒeduwoe lae nye Kedes le Galilea, le Naftali ƒe viwo ƒe tonyigba dzi, Sekem le Efraim ƒe viwo ƒe tonyigba dzi kple Kiriat Arba si wogayɔna be Hebron la, le Yuda ƒe tonyigba dzi.


Sitsoƒedu siawo li na amedzro siwo le Israelviwo dome kple Israelviwo ŋutɔ siaa, ale be ame si meɖoe hafi wu nɔvia o la ate ŋu asi ayi teƒe ma, woadrɔ̃ ʋɔnui, eye womabia hlɔ̃e, awui o.


Levitɔ bubu siwo tso Gerson hlɔ̃ la me la xɔ du eve kple woƒe lãnyiƒewo: le Manase ƒe viwo ƒe ɣedzeƒenyigba dzi. Du siawoe nye Golan le Basan, si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Be Estera.


Woxɔ du ene, Bezer, Yahaz,


Woxɔ du ene le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Ramot le Gilead si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka, Mahanaim,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa