Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 2:9 - Agbenya La

9 “Menyae nyuie be Yehowa le míaƒe anyigba tsɔ ge na mi. Mí katã míele mia vɔ̃m. Miaƒe ŋkɔ ‘Israel’ sese ɖeɖe hã dea vɔvɔ̃ lãme na ame sia ame,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 gblɔ na wo bena: Menyae bena, Yehowa le anyigba la tsɔ ge na mi, ŋɔdzi, si le mia ŋu la, va lé mí, eye anyigbadzitɔwo katã de asi nua vɔvɔ̃ me.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 2:9
39 Mawu Ofanana  

Emegbe la, wodze mɔ. Mawu na vɔvɔ̃ dze du siwo katã me woto la dzi, ale be womeho aʋa ɖe wo ŋu o.


Ekema wò kalẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã, nenye dzata ƒe dzie le dɔ me na wo gɔ̃ hã la, vɔvɔ̃ ana woatsi teƒe ɖeka elabena Israel blibo la nya be fofowò bi ɖe aʋawɔwɔ me eye eƒe asrafowo hã nye kalẽtɔwo.


Tete Naaman kple eƒe dɔlawo katã trɔ yi ɖe Mawu ƒe ame la gbɔ ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ nɛ be, “Azɔ la menyae be Mawu aɖeke mele xexea katã me o negbe le Israel ko, eya ta meɖe kuku, xɔ nunana siawo le wò dɔla si.”


elabena Aƒetɔ la na Aramtɔwo se tasiaɖamwo, sɔwo kple asrafowo ƒe ha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Kpɔ ɖa, Israel fia yi ɖatsɔ aʋa Hititɔwo kple Egiptetɔwo be woava dze mía dzi!”


Esi míaƒe futɔwo kple dukɔ siwo ƒo xlã mí se be míegbugbɔ gli la ɖo vɔ la, vɔvɔ̃ ɖo wo, eye dzi ɖe le wo ƒo, elabena wodze sii be míaƒe Mawu ƒe kpekpeɖeŋue na míete ŋu wu dɔ la nu.


Esi fia la ƒe sedede la va ɖo du sia du kple nuto ɖe sia ɖe me la, Yudatɔwo katã kpɔ dzidzɔ, woɖu ŋkekenyui, eye womewɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Ame geɖewo wɔ wo ɖokuiwo Yudatɔwoe, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.


Menya be nye Xɔnametɔ le agbe, eye mlɔeba la, atsi tsitre ɖe anyigba dzi.


Ame vɔ̃ɖi akpɔe, eye dzi akui, aɖu aɖukli, avɔ le eme keŋkeŋkeŋ. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzimedidiwo azu tofloko.


Dziƒo kɔkɔtɔ nye Yehowa, Wɔla la tɔ, ke etsɔ anyigba na amegbetɔ.


Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.”


“Mana vɔvɔ̃ si le ŋunye la nalé dukɔ siwo katã ƒe anyigba ŋu miaho aʋa ɖo, woasi le mia ŋgɔ.


Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko hã la, nenyae nyuie be ame siwo vɔ̃a Mawu la tɔ anyo wu godoo.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egipte kple du le lilikpowo dzi. Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume, eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo.


Ne gbe va ɖo Egipte la, woaxa nu vevie tso nu si wose tso Tiro ŋuti.


Nye ŋusẽ triakɔ kple nye abɔ si le dzi lae metsɔ wɔ anyigba, edzinɔlawo kple lã vovovo siwo le edzi eye metsɔnɛ naa ame sia ame si melɔ̃.


Woɖi gbɔlo dua keŋkeŋ, wohae eye woɖe amae. Amewo ƒe dzi gbã, klowo le ƒoƒom kpakpakpa, ameti blibo la le dzodzom nyanyanya, eye ŋkume sia ŋkume afu tititi.


Esi Mose nɔ Kades la, eɖo amewo ɖe Edom fia gbɔ be, “Míawoe nye nɔviwò Israel ƒe dzidzimeviwo. Ènya ale si míaƒe ŋutinya wɔ nublanuii,


“Azã la su be Aron naku, elabena made anyigba, si metsɔ na Israelviwo la dzi o, le esi mi ame evea mietsi tsitre ɖe nye ɖoɖowo ŋu tso tsi si le Meriba ŋu la ta.


Ɖe mɔ meli be be ame naxe ga home si dze eŋu la na nɔvia? Ɖe wòle be miado dziku, elabena mewɔ dɔmenyoa?’


Ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la ade vɔvɔ̃ ameawo me ɖe mia ŋu do ŋgɔ na mi, afi sia afi si miayi abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene tututu.


Tso gbe ma gbe dzi la, mana anyigbadzitɔwo katã nade asi dzodzo me nyanyanya le mia vɔvɔ̃ kple miaƒe afi ma ɖoɖo ta.”


Dukɔwo katã le xexea me adze sii be Yehowa tɔ nènye, eye woƒe nu aku.


Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo dome ena mawudɔla ɖeka dukɔ ɖe sia ɖe be wòanye dzikpɔla nɛ.


To xɔse me gbolo Rahab, esi wòxɔ ŋkutsalawo ta la, womewui kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o.


Nu sia ta míele mia vɔ̃m ŋutɔŋutɔ! Nya siawo sese ɖe dzi le mía ƒo, elabena Yehowa, miaƒe Mawue nye Mawu gã le dziƒo, eye menye mawu dzodzro aɖeke o.


Wogblɔ be, “Kakaɖedzi blibo li bena, Yehowa atsɔ anyigba la katã ana mí, elabena afi ma tɔwo katã le mía vɔ̃m ŋutɔŋutɔ.”


Hafi woamlɔ anyi la, Rahab yi ɖagblɔ na amedzroawo be,


Esi Amoritɔwo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple Kanaantɔwo, ame siwo nɔ Domeƒu la nu se be Yehowa na Yɔdan tɔsisi la mie, ale be Israelviwo te ŋu zɔ ƒuƒuiƒe le tɔʋu la me hetso tɔsisia la, dzi ɖe le wo ƒo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ.


Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mieɖu Yerikotɔwo kple woƒe fia kple woƒe aʋawɔla sesẽwo katã dzi xoxo, elabena metsɔ wo de asi na mi!


kpakple nu si wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo, Sixɔn, Hesbon fia kple Ɔg, Basan fia si nɔ Astarot ŋu,


Gibeontɔwo ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeble mi nenema, elabena míese be Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose be wòaɖu anyigba blibo la dzi, eye wòatsrɔ̃ ameawo katã le anyigba la dzi. Ale míevɔ̃ mi, ɖe míaƒe agbe ta, eya ta míeble mi nenema ɖo.


Woɖo eŋu na Yosua be, “Wò dɔlawo tso anyigba didi aɖe dzi. Míese nu tso Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋusẽ kple nu siwo katã wòwɔ le Egipte


Ame evelia gblɔ be, “Gɔmeɖeɖe ɖeka koe le wò drɔ̃e la si. Gideon, Yoas ƒe vi, Israel ŋutsu la ava tsrɔ̃ Midiantɔwo kple dukɔ bubu siwo kpe ɖe wo ŋu la ƒe aʋakɔwo katã.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa