Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 2:19 - Agbenya La

19 Ne ame aɖe do go le wò aƒe me yi mɔtata dzi la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi, menye míawoe wɔe o. Ke hena ame siwo anɔ wò aƒe me la, amea ƒe ʋu ava míaƒe ta dzi ne míeka asi eŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ne amea ɖe do le wò xɔ me ɖe xexe la, ekema eƒe nu tsi eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye míeɖi fɔa ɖeke o; ke ne amea ɖe le gbɔwò le wò xɔ me, hafi amea ɖe wɔ nanee la, ekema eƒe ʋu tsi miaƒe ta dzi.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 2:19
23 Mawu Ofanana  

Elabena David gblɔ nɛ be, “Wò ʋu ava wò ŋutɔ wò ta dzi. Wò ŋutɔ wò nue ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò esi negblɔ be, ‘Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.’ ”


Ekema nu ka ta nyemabia hlɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo wu ame nyui la le eya ŋutɔ ƒe aƒe me le eƒe aba dzi o mahã? Ele be mabia eƒe ʋu tso miaƒe asi me eye matsrɔ̃ mi ɖa le anyigba dzi.”


Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o.


Ʋu si miesi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la anye dzesi be mieɖoa tom. Ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti. Nyemawu viŋutsu gbãtɔwo ne meyina Egiptetɔwo tɔwo wu ge o.


Mitsyɔ alẽvi la ƒe ʋu ɖe gagbɛ aɖe me. Minyrɔ kakle ɖe ʋu la me, eye miatsɔe asisi ʋu la ɖe ʋɔtruti la tame kple eƒe axawo dzi, ale be ʋu nanɔ ʋɔtrutiawo ŋu. Mia dometɔ aɖeke mado go le xɔ me le zã ma me o.


“Elabena Yehowa ato anyigba la dzi, eye wòawu Egiptetɔwo. Ke ne ekpɔ ʋu le ʋɔtruti la tametɔ kple eƒe axadzitɔwo ŋu la, ato ʋɔtru la ŋu, eye maɖe mɔ na nugblẽla wòage ɖe eme awu miaƒe ŋutsuvi gbãtɔwo o.


“ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ fofoa srɔ̃ gbɔ la, eɖe fofoa ƒe amama ɖe go. Ele be woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa, elabena woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.


“ ‘Ame sia ame si aƒo fi ade fofoa alo dadaa la, ele be woawui kokoko, elabena eƒo fi de eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kple ʋu.


Ame si le eƒe xɔ ta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke le eme o.


Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o.”


Medi be magblɔ na mi kɔtɛe be womele ame aɖeke ƒe ʋu bia ge tso asinye o,


Ke Paulo gblɔ na asrafoawo kple woƒe amegã be, “Mía tɔwo, ne mia dometɔ aɖe dzo le tɔdziʋua me la, matsi agbe o.”


eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ɔ ko ŋu.


Tohehe gã kae miesusu be mehedze na ame si titi afɔ ɖe Mawu ƒe Vi la dzi oa? Ame si do ŋunyɔ nubabla la ƒe ʋu si klɔ eŋuti la abe nu makɔmakɔ wònye ene, eye wòdzu amenuveve ƒe Gbɔgbɔ la?


Ke azɔ la, mika atam nam kple Yehowa, miaƒe Mawu la be miave nye ƒometɔwo nu, elabena nye hã menyo dɔ me na mi. Azɔ mina dzesim abe kakaɖedzi ene,


Amedzroawo lɔ̃, eye wodo ŋugbe nɛ be, “Ne màfia mía yomemɔ o la, ekema míakpɔ egbɔ be wò kple wò ƒometɔwo katã mianɔ dedie.


Ke ne ègblɔ nu si wɔm míele la na ame aɖe la, atam si nèna míeka la, mabla mí o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa