Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 2:14 - Agbenya La

14 Amedzroawo lɔ̃, eye wodo ŋugbe nɛ be, “Ne màfia mía yomemɔ o la, ekema míakpɔ egbɔ be wò kple wò ƒometɔwo katã mianɔ dedie.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete ŋutsuawo gblɔ nɛ bena: Ne miegblɔ nya sia wose o, eye Yehowa tsɔ anyigba la na mí, gake míeve nuwo o, eye míeɖi anukware na wò o la, ekema míaku ɖe mia teƒe!

Onani mutuwo Koperani




Yosua 2:14
18 Mawu Ofanana  

eya ta migblɔ nu si dzi mieɖo kpee la nam. Ɖe miave nye aƒetɔ nu loo alo miave enu awɔ nu si dze la oa? Ne mieɖo eŋu nam la, ekema manya afɔ si magaɖe, ato miame loo alo ɖusime.”


Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o.


eɖo du ɖe wo be, “Yehowa nayra mi le ale si miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ eye mieɖii kple bubu la ta.


Yehowa nave mia nu eye wòatsɔ eƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia kple nyateƒe aɖo eteƒe na mi. Nye hã mave mia nu le nu si miewɔ la ta.


David bia be, “Ame aɖe gakpɔtɔ ɖe Saul ƒe aƒe me, ame si nu mave le Yonatan ta?”


Esi fia la tso eme va yina la, nyagblɔɖila la do ɣli yɔe gblɔ be, “Wò dɔla yi afi si aʋa la bi dzo le eye ame aɖe va gbɔnye kple aʋaléleawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nam be, ‘Nɔ ame sia ŋuti dzɔm. Ne ebu la, wò agbe axɔ ɖe eƒe agbe teƒe alo nàxe klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene.’


Ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la traa mɔ ke ame siwo wɔa ɖoɖo ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu la xɔa lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ƒe teƒeɖoɖo.


Ame si si xɔlɔ̃ geɖe le la ate ŋu awu nu le gbegblẽ me, gake xɔlɔ̃ aɖe li si kuna ɖe ame ŋu wu dadavi gɔ̃ hã.


Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo le nublanui kpɔm na amewo, elabena miawoe woakpɔ nublanui na.


Asrafowo ƒe amegã la gblɔ na ɖekakpui la be, “Mègana ame aɖeke nanya be èva gblɔ nya sia nam o.” Emegbe la edzo.


be miaɖe fofonye kple danye, nɔvinye ŋutsuwo kple nɔvinye nyɔnuwo ƒe agbe kpe ɖe woƒe nunɔamesiwo ŋu, eye be míaɖe mí tso ku me.”


Míatsɔ míaƒe agbe aʋli mia ta.” Esi Rahab ƒe xɔta kɔ wu dua ƒe gliwo ta la, esa ka legbe aɖe ɖe eƒe fesreti ŋu, eye wòna amedzroawo ɖiɖi to ka la ŋu ɖe anyigba le dua godo.


Yosua gblɔ na ameawo do ŋgɔ be, “Miwu ame sia ame negbe Rahab, gbolo la kple ame sia ame si anɔ eƒe aƒe me la ko, elabena exɔ na míaƒe ŋkutsalawo.


Yosua gblɔ na ŋkutsala eveawo be, “Miwɔ miaƒe ŋugbedodo dzi. Miyi miaxɔ Rahab, gbolo la kple ame siwo katã le eƒe aƒe me la ɖe agbe.”


Ale Yosua na Rahab, gbolo la kple eƒe ƒometɔ siwo nɔ egbɔ le eƒe aƒe me la tsi agbe, eye wotsi Israelviwo dome va se ɖe egbe, elabena Rahab ɣla ŋkutsala eve siwo Yosua ɖo ɖe Yeriko.


Ke wò ya la, ve wò dɔla nu elabena èbla nu kplim le Yehowa ŋkume. Ne medze agɔ la, ekema wò ŋutɔ nàwum! Nu ka ŋuti nàtsɔm ade asi na fofowò?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa