Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 18:3 - Agbenya La

3 Ale Yosua bia Israelviwo be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie mialala hafi anya ame siwo le anyigba si Yehowa, mia Mawu la na mi la dzi?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Yosua gblɔ na Israel-viwo bena: Ɣekaɣi gɔ̃ miawɔ kuvia ase ɖo, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, na mi la wòanye mia tɔ oa?

Onani mutuwo Koperani




Yosua 18:3
15 Mawu Ofanana  

Asi si wɔa kuvia la nana ame ɖoa ko gake asi si doa vevi nu la hea kesinɔnu vɛ.


Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o, ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ.


Ŋuwo le kuviatɔ ƒe mɔ dzi, ke dzɔdzɔetɔ ƒe mɔ nye mɔtata.


Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.


Gbe ma gbe la, woagblɔ na Yerusalem be, “Mègavɔ̃ o, O Zion, eye mègana wò alɔ nagbɔdzɔ o.


“Ke esi wòƒo ɣetrɔ ga atɔ̃ la, egayi dua me, eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ aɖeke mawɔmawɔe. Ebia wo be, ‘Nu ka ta mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔmawɔe ŋkeke blibo la ɖo?’


Migawɔ dɔ ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si kplɔa ame yina ɖe agbe mavɔ me si Nye, Amegbetɔ Vi la mana mi la ta. Eya dzie Mawu Fofo la da asi ɖo.”


“Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene.


Yosua tsi heku amegã azɔ, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Fifia, èzu amegãɖeɖi, evɔ dukɔ geɖewo gali siwo dzi wòle be miaɖu.


Womema anyigba na Israel ƒe to adre haɖe o.


Mitia ame etɔ̃ tso to ɖe sia ɖe me, eye madɔ wo ɖa be woayi aɖatsa ŋku le afi siwo dzi míeɖu haɖe o la dzi, ale be woana manya woƒe lolome kple anyigba la ƒe lolome si to ɖe sia ɖe adi be yeaxɔ, ekema mate ŋu amae na mi.


Ŋkutsalawo ɖo eŋu be, “Mina míaho aʋa ɖe wo ŋu! Míekpɔ anyigba la: enyo ŋutɔ. Migawɔ kuvia le anyigba la xɔxɔ ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa