Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 18:12 - Agbenya La

12 Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyiehe dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la to, yi Yeriko ƒe anyiehe, to tonyigba la kple Bet Aven gbegbe la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Woƒe anyieheliƒo tso Yordan nu zɔ Yerixo-to la ƒe anyiehe heto toawo dzi le ɣetoɖoƒe gome, eye wòva ke ɖe Bet-Awen-gbedzi;

Onani mutuwo Koperani




Yosua 18:12
11 Mawu Ofanana  

Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le woƒe nyivimawu si le Bet Aven ta. Esubɔlawo le nu xam le eta, eye vodua ƒe nunɔlawo axa nu le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ la ta.


“Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la, esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ. “Mègayi Gilgal o, eye mègayi Bet Aven o. Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o.


“Miku lãdzo le Gibea, eye miaku kpẽ le Rama. Mido aʋaɣli sesĩe le Bet Aven. O Benyamin, kpɔ megbewò ɖa!


Yosef ƒe vi siawo, ame siwo nye Efraim kple Manase ƒe viwo la, ƒe anyigba dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la ŋu le Yeriko, to gbegbe la va yi tonyigba la dzi le Betel,


Anyigba si wotsɔ na Benyamin ƒe viwo la nɔ Yuda ƒe viwo kple Yosef ƒe viwo ƒe anyigbawo dome.


Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ afi ma ŋkeke eve,


dzigbetsi la dzudzɔ sisi, eye wòzu gli le adzɔge na wo le du aɖe si woyɔna be Adam la gbɔ le Zaretan lɔƒo. Ke tsi si nɔ sisim yina ɖe anyigbeme la si yi ɖe Araba alo Dzeƒu la me. Ale tsi la ƒe sisi tɔ keŋkeŋ, eye ameawo tso tɔsisi la ɖi go ɖe Yeriko kasa.


Wotu Yeriko ƒe agbowo goŋgoŋgoŋ le vɔvɔ̃ na Israelviwo ta, eye womeɖe mɔ na ame aɖeke be wòado go alo age ɖe eme o.


Esi woxɔ Yeriko teti ko la, Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woatsa ŋku le Ai, si te ɖe Bet Aven le Betel ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.


Yosua kple eƒe Israelviwo si to gbegbe la abe ɖe nugbe menyo na wo o ene.


Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ (3,000) kple sɔdola akpe ade (6,000) kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa