Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 17:18 - Agbenya La

18 Tonyigba la anye mia tɔ togbɔ be enye anyigba si dzi ave le hã la, miƒo avea, eye miaxɔ anyigba la tso eƒe liƒo sia dzi yi liƒo kemɛ dzi togbɔ be gatasiaɖamwo le Kanaantɔwo si, eye wonye dukɔ sesẽ aɖe hã la, mianya wo ɖa le anyigba la dzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 ke boŋ mixɔ tonyigba la, eye miƒo aveawo ɖa le edzi, eye wòanye mia tɔ vaseɖe eƒe mlɔenu. Elabena mianyã Kanaanitɔ, siwo si gatasiaɖamwo le, eye ŋusẽ le wo ŋu la ɖa.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 17:18
18 Mawu Ofanana  

Gake eƒe asi li ɖe eƒe dati ŋu goŋgoŋ eye eƒe asi le tsɔtsɔm elabena Yakob ƒe Mawu Ŋusẽkatãtɔ, alẽkplɔla la kple Israel ƒe Agakpe


Ale David ƒe aʋakɔ la ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wodze aʋa la gɔme le Efraim ƒe ave la me.


Nu ka gɔ̃ míagblɔ tso nu siawo ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu?


Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si lɔ̃ mí la me.


Ele abe nyitsuvi ene Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me. Eto dzo abe to ƒe dzowo ene; Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi. Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo kple Manase tɔ akpe akpewo.”


Esia ta míegblɔ kple dzideƒo be, “Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?”


“Sidontɔwo, ame siwo le tonyigba la dzi le Lebanon towo kple Misrefat Maim dome la ƒe anyigba hã le eme. Mele klalo be manya dukɔ siawo katã ɖa le Israel dukɔ la ŋgɔ, eya ta bu anyigba siawo katã abe mia tɔwo ene,


Egatso to la tame heyi Nef to la ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi du siwo le Efrɔn to dzi la gbɔ hafi trɔ ɖo ta dzigbeme, ƒo xlã Baala (si wogayɔna be Kiriat Yearim)


Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe, Efraim ƒe vi kple Manase ƒe vi siwo nɔ ɣetoɖoƒe la be, “Miesɔ gbɔ nyateƒe, eye miesẽa ŋu ŋutɔ, eya ta ele be miaxɔ anyigba wòalolo.


Du siwo wotsɔ wɔ sitsoƒeduwoe lae nye Kedes le Galilea, le Naftali ƒe viwo ƒe tonyigba dzi, Sekem le Efraim ƒe viwo ƒe tonyigba dzi kple Kiriat Arba si wogayɔna be Hebron la, le Yuda ƒe tonyigba dzi.


Esiae nye Elkana, ŋutsu aɖe si nye Efraimtɔ eye wònɔ Ramataim Zofim le Efraim ƒe to la dzi ƒe ŋutinya. Fofoae nye Yeroham, ame si fofoe nye Elihu, ame si fofoe nye Tohu eye Tohu fofoe nye Zuf ame siwo nye Efraimtɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa