Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 15:7 - Agbenya La

7 Tso afi ma la, liƒo la to Akɔr ƒe balime yi Debir, eye wòtrɔ yi anyiehe kple ɣetoɖoƒe dome ɖo ta Gilgal le Adumim towo ƒe akpa kemɛ dzi, le balime la ƒe dziehe lɔƒo. Egayi En Semes ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi En Rogel.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 hezɔ Axor-bali la me vaseɖe Debir, eye wònyè kpo to Gilgal, si le Adumim-to dzi mo kasa la, ƒe anyiehe le tonu la ƒe dziehe gome; emegbe liƒo la va to En-Semes-tɔ la ŋu va ke ɖe Rogel ƒe vudo la gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 15:7
13 Mawu Ofanana  

Yonatan kple Ahimaaz nɔ En Rogel ale be amewo makpɔ wo ne woge ɖe dua me alo wodo go le dua me o. Wowɔ ɖoɖo kple nyɔnudɔla aɖe be wòayi aɖagblɔ nya si woagblɔ na David la na wo.


Adoniya yi En Rogel eye wòtsɔ alẽwo, nyitsuwo kple gbɔ̃vi damiwo sa vɔe le Sohelet kpe la gbɔ. Ebia tso Fia David ƒe viŋutsu bubuawo katã kple fiaŋume siwo katã nɔ Yuda la si be woava kpɔ ale si woaɖo fia ye la teƒe.


Saron azu lãnyiƒe na alẽhawo, eye Akor ƒe balime azu nyiwo ƒe gbɔɖemeƒe na nye ame siwo dia nye mɔ.


Wo dada wɔ ahasi kple ŋutsu bubuwo, eye wodzi wo ɖe ŋukpe me hegblɔ be, ‘Mati ŋutsu bubuwo yome aku ɖe wo ŋuti, be woana nuɖuɖu, tsi, avɔ, ami kple aham.’


Le dziɖuɖu siawo megbe la, Yosua kple Israel blibo la trɔ yi asaɖa la me le Gilgal.


eye wòwɔ aʋa kple ame siwo nɔ Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la me.


hetso eme yi Bet Hogla, Bet Araba ƒe anyiehe yi Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ.


Tso En Rogel la, liƒo la ɖo ta anyiehe kple ɣedzeƒe gome yi En Semes kple Gelilot le Adumim ƒe akpa kemɛ. Etrɔ tso afi ma ɖo ta Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ,


Nukunu sia va eme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi. Gbe ma gbe la, Israel dukɔ blibo la tso Yɔdan tɔsisi la, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yeriko ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.


Yosua kple Israelviwo katã kplɔ Akan, Zera ƒe vi, wotsɔ klosalo la, awu la kple sikakɔ la, eye wokplɔ via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, eƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo, eye wokɔ eƒe agbadɔ kple nu sia nu si nɔ esi la yi Axor balime.


eye wofɔ kpewo li kɔ ɖe wo dzi. Kpeawo gale afi ma va se ɖe egbe. Wogayɔa teƒe la be “Dzɔgbevɔ̃e Ƒe Balime” va se ɖe egbe. Ale Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu tso.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa