Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 15:2 - Agbenya La

2 Dzieheliƒo sia tso Dzeƒu alo Ƒukuku la to le anyigbeme

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Woƒe dzieheliƒo tso Dzeƒu la ƒe mlɔenu, afisi ƒu la wɔ adɔ̃ nyẽ kpo ɖe dziehe gome le,

Onani mutuwo Koperani




Yosua 15:2
8 Mawu Ofanana  

Fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Seboyim kple Bela la na woƒe aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sidom balime si nye (Dzeƒu la ƒe balime.)


Yehowa ana Egipte ƒu la namie, eye wòanye eƒe asi le Frat tɔsisi dzi kple ya xɔdzo sesẽ. Amae ɖe tɔʋu adre me ale be woate ŋu atsoe kple atokota gɔ̃ hã.


Le ɣedzeƒe lɔƒo la, liƒo la ato Hauran kple Damasko dome, ato Yɔdan ŋu, ato Gilead kple Israel ƒe anyigba dome ayi ɣedzeƒeƒu la gbɔ ayi keke Tamar. Esiae anye ɣedzeƒeliƒo la.


Egblɔ nam be, “Tsi sia tsana ɖoa ta ɣedzeƒe, gena ɖe Araba me, afi si wògena ɖe Atsiaƒu me le. Ne ege ɖe Atsiaƒu la me la, tsi la zua tsi vivi.


“ ‘Miaƒe anyigba la ƒe anyigbeme ƒe liƒo anye Zin gbegbe la, ato Edom ƒe liƒo dzi. Miaƒe anyigba ƒe dzieheliƒo anye Dzeƒu la,


Anyigba si wotsɔ na Yuda ƒe viwo la ƒe anyigbemeliƒo dze egɔme tso Edom ƒe dzigbemeliƒo dzi, tso Zin gbegbe la, eye wòtɔ Negeb ƒe dzieheliƒo.


ɖo ta dziehe tso Akrabim to dzi mɔ la gbɔ heyi Zin. Eɖo ta dziehe to Kades Barnea, to Hezron heyi Adar, trɔ ɖo ta Karka,


dzigbetsi la dzudzɔ sisi, eye wòzu gli le adzɔge na wo le du aɖe si woyɔna be Adam la gbɔ le Zaretan lɔƒo. Ke tsi si nɔ sisim yina ɖe anyigbeme la si yi ɖe Araba alo Dzeƒu la me. Ale tsi la ƒe sisi tɔ keŋkeŋ, eye ameawo tso tɔsisi la ɖi go ɖe Yeriko kasa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa