Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 14:2 - Agbenya La

2 Abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la, woda akɔ hena anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la mama ɖe Israel ƒe to asiekɛ kple afã mamlɛawo dome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wodzidze nu hafi mãe na to asieke kple afã la, abe alesi Yehowa ɖe se to Mose dzi ene.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 14:2
14 Mawu Ofanana  

Wolɔa hotsui ɖe akɔ hetsɔna kaa nui, ke nyametsotso ɖe sia ɖe tso Yehowa gbɔ.


Nudzidze tsia dzre nu eye wòtsoa nya me na ame sesẽ siwo le dzre wɔm.


“ ‘Ne miema anyigba la abe domenyinu ene la, ele be miana anyigba la ƒe akpa aɖe Aƒetɔ Yehowa abe teƒe kɔkɔe ene, wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000) wòakeke mita akpe wuiɖeke (11,000), eye teƒe la katã nanye teƒe kɔkɔe.


Azɔ Yehowa gblɔ na Mose be,


Mima anyigba la ɖe miaƒe towo dome ɖe toawo ƒe lolome nu. Midzidze nu ɖe afi si anyigba la lolo le la dzi, amae ɖe to siwo me amewo sɔ gbɔ le la dome, eye miatsɔ teƒe siwo melolo o la ana to suewo.


Mose gblɔ na Israelviwo be, “Anyigba sia dzie miadzidze nu ɖo hena emama ɖe mia dome. Mimae ɖe to asiekɛ kple afã dome,


“Ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama dzi la ƒe ŋkɔwoe nye: nunɔla Eleazar, Yosua, Nun ƒe viŋutsu,


“Ekema Nye, Fia la, magblɔ na ame siwo le nye nuɖusime la be, ‘Fofonye ƒe ame yayrawo, miyi ɖe fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke la me,


Le esia megbe la, woda akɔ, eye wòdze Matias dzi, ale wotiae abe apostolo ene kpe ɖe ame wuiɖekɛ mamlɛawo ŋu.


eye nàmae na Israel ƒe to asiekɛawo kple Manase ƒe to afã la abe ale si meɖo na wò ene.”


Le afi ma, le asaɖa la me le Silo la, Yehowa fia Yosua to akɔdada la me, ale si wòama anyigba lae na to vovovoawo.


Miŋlɔ nu tso anyigba la ƒe akpa adreawo ŋu tsɔ vɛ nam. Ekema mada akɔ ɖe edzi le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ale be manya ale si mama anyigba lae.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa