Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 14:10 - Agbenya La

10 “Abe ale si wò ŋutɔ nènya ene la, Yehowa lé agbe ɖe te nam, eye wòna lãmesesẽm tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia, le ƒe blaene-vɔ-atɔ̃ siawo me, tso esime míetsa tsaglalã le gbedzi. Egbe la, mexɔ ƒe blaenyi-vɔ-atɔ̃,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Kpɔ ɖa, Yehowa na metsi agbe, abe alesi wòdo ŋugbe ene; esi Yehowa gblɔ nya sia na Mose la, ƒe blane vɔ atɔ̃ enye si va yi, esiwo me Israel zɔ gbedzi. Mexɔ ƒe blanyi vɔ atɔ̃ egbe siawo,

Onani mutuwo Koperani




Yosua 14:10
9 Mawu Ofanana  

Ame aɖewo tsa tsaglãla le gbedzi kple gbedadaƒo, eye womekpɔ mɔ si woato ayi du aɖe si me woanɔ la o.


Akpe adze anyi ɖe axawò, eye akpe ewo ɖe wò nuɖusime, ke wò la, mate ɖe ŋuwò o.


made Ŋugbedodonyigba la dzi o. Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, koe aɖo anyigba la dzi.


Yosua kple Yefune ƒe vi Kaleb koe susɔ le ŋkutsalawo dome.


Yosua tsɔ ƒe adre wɔ nu siawo katã.


Yosua tsi heku amegã azɔ, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Fifia, èzu amegãɖeɖi, evɔ dukɔ geɖewo gali siwo dzi wòle be miaɖu.


gake ŋusẽ le ŋunye fifia abe ale si menɔ esime Mose ɖo mí ɖe ŋkutsaƒe ene. Magate ŋu azɔ mɔ, awɔ aʋa fifia abe ɣe ma ɣi ene,


Mose gblɔ nam be, ‘Kanaanyigba la ƒe akpa si dzi miele la, azu wò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe.’


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa