Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 13:8 - Agbenya La

8 Manase ƒe to la ƒe afã kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe xoxo, elabena Mose tsɔ anyigba sia na wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena Manase ƒe afã, Ruben-viwo kple Gad-viwo xa woƒe anyigba, si Mose tsɔ na wo le Yordan godo le ɣedzeƒe, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose tsɔe na wo ene:

Onani mutuwo Koperani




Yosua 13:8
11 Mawu Ofanana  

Míedi anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o; míedi esi le tɔsisi la ƒe akpa sia, le ɣedzeƒe lɔƒo.”


Azɔ la, Amoritɔwo ƒe fia eveawo ƒe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi la zu mía tɔ. Anyigba sia tso Arnon ƒe balime yi Hermon to la gbɔ.


Fia siwo dzi Israelviwo ɖu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, ame siwo ƒe duwo wogbã tso keke Arnon tɔsisi la ƒe balime va yi Hermon to la gbɔ kple du siwo le gbegbe siwo le ɣedzeƒe la woe nye esiawo:


Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ ame siawo xoxo, eye Mose tsɔ anyigba la na Ruben ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã.


eye nàmae na Israel ƒe to asiekɛawo kple Manase ƒe to afã la abe ale si meɖo na wò ene.”


Woƒe anyigba la nye teƒe si tso Areor, le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga kple du siwo le balime la, to Medeba ƒe togbɛnyigba dzi yi Dibon.


Azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la na dziɖuɖu kple dzudzɔ mí abe ale si wòdo ŋugbe ene, eya ta miyi miaƒe anyigba si Mose, Yehowa ƒe dɔla na mi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ la dzi azɔ.


Ŋutsu siwo tso Ruben kple Gad ƒe towo me kple Manase ƒe to afã me la bla akpa na aʋawɔwɔ, eye wodze ŋgɔ na Israelviwo abe ale si Mose ɖo na wo ene.


Hebritɔ aɖewo gɔ̃ la tso Yɔdan tɔsisi la eye wosi yi Gad kple Gileadnyigbawo gɔ̃ hã dzi. Saul ya tsi Gilgal eye aʋakɔ siwo nɔ eŋu la dzo nyanyanya le vɔvɔ̃ ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa