Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 13:6 - Agbenya La

6 “Sidontɔwo, ame siwo le tonyigba la dzi le Lebanon towo kple Misrefat Maim dome la ƒe anyigba hã le eme. Mele klalo be manya dukɔ siawo katã ɖa le Israel dukɔ la ŋgɔ, eya ta bu anyigba siawo katã abe mia tɔwo ene,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 tometɔwo katã, tso Libanon vaseɖe Misrefot-Mayim kpakple Zidonitɔwo katã. Nye ŋuta manyã wo le Israel-viwo ŋgɔ, dzidze nu, namãe na Israel-viwo ko, abe alesi mede se na wò ene.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 13:6
13 Mawu Ofanana  

Ètsɔ wainka tso Egipte, ènya dukɔwo, eye nèdoe.


Mima anyigba la ɖe miaƒe towo dome ɖe toawo ƒe lolome nu. Midzidze nu ɖe afi si anyigba la lolo le la dzi, amae ɖe to siwo me amewo sɔ gbɔ le la dome, eye miatsɔ teƒe siwo melolo o la ana to suewo.


“Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene.


Yosua dze fia mamlɛawo ƒe du bubuawo dzi. Wowu ameawo katã abe ale si Mose gblɔe da ɖi xoxo la ene.


Yehowa tsɔ aʋakɔ gã ma de asi na Israelviwo, eye wonya wo va se ɖe keke Sidon du gã la me kple Misrefat Maim heyi Mizpa balime le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Futɔwo dometɔ aɖeke metsi agbe o.


eye nàmae na Israel ƒe to asiekɛawo kple Manase ƒe to afã la abe ale si meɖo na wò ene.”


ekema minyae nyuie be, Yehowa maganya dukɔ mawo ɖa le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ azu mɔ si wotre na mi, ana miase veve le miaƒe axadame, wòazu ŋu anɔ ŋku tɔm na mi, eye miatsrɔ̃ le anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la dzi.


Mema dukɔ siwo gali kokoko kple esiwo dzi meɖu la ƒe anyigbawo na mi abe miaƒe domenyinu ene, tso Yɔdan tɔsisi la ŋu le ɣedzeƒe heyi Domeƒu la ŋu le ɣetoɖoƒe.


Yehowa, miaƒe Mawu la ana miaƒe futɔwo nagbugbɔ, eye wòanya wo, woasi le mia ŋgɔ. Miaxɔ woƒe anyigbawo abe ale si Yehowa, miaƒe Mawu la do ŋugbe na mi ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa