Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 13:26 - Agbenya La

26 Anyigba la gatso Hesbon yi Ramat Mizpa kple Betonim, eye wògatso Mahanaim yi Lo Debir.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 tso Xesbon vaseɖe Ramat-Mizpa kple Betonim, eye tso Maxanayim vaseɖe Debir ƒe liƒo ŋu;

Onani mutuwo Koperani




Yosua 13:26
14 Mawu Ofanana  

Esi David va ɖo Mahanaim la, Sobi, Nahas ƒe vi si tso Amon ƒe viwo ƒe Raba kple Makir, Amiel ƒe vi si tso Lo Debar kple Barzilai, Gileadtɔ la si tso Rogelun la


Ke Abner, Saul ƒe aʋafia do ŋgɔ yi Mahanaim be yeatsɔ Saul ƒe viŋutsu Is Boset aɖo fiae,


Ahab gblɔ na eŋumewo be, “Mienya be Siriatɔwo gale míaƒe du, Ramot Gilead me kokoko hafi miele afi sia, miele naneke wɔm tso eŋu oa?”


Le ɣeyiɣi ma me la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va Yefta dzi eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ to Gileadnyigba kple Manase ƒe anyigba dzi, dze le Mizpa le Gilead ŋu eye wòkpe aʋa kple Amonitɔwo ƒe aʋakɔ.


Ale Yefta lɔ̃ eye wòzu aʋafia kple Gilead fia. Woɖo kpe nya sia dzi le Yehowa kple ameawo katã ŋkume le Mizpa.


Le ɣe ma ɣi la, Amonitɔwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead hena aʋawɔwɔ kple Israel ƒe aʋakɔ le Mizpa.


Woxɔ du ene le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Ramot le Gilead si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka, Mahanaim,


Yehowa gaɖoe be woagatia du bubu etɔ̃ woazu sitsoƒeduwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, le Yeriko ƒe akpa kemɛ. Sitsoƒedu siawoe nye Bezer le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi, Ramot le Gilead, le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi kple Golan le Basan, le Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi.


Eya ta woyɔe hã be “Mizpa” si gɔmee nye “Nuŋudzɔla,” elabena Laban gblɔ be, “Aƒetɔ la nakpɔ egbɔ be ne míegale mía nɔewo gbɔ o hã la, míazɔ ɖe nubabla sia dzi.


Yazer kple Gilead ƒe duwo katã kple Amonyigba ƒe afã heyi Aroer le Raba gbɔ nɔ Gad ƒe viwo ƒe anyigba la me.


Teƒe siwo le anyigba sia me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime la woe nye: Bet Haram, Bet Nimra, Sukɔt, Zafɔn kple Fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe anyigba mamlɛa. Anyigba la ƒe liƒo le ɣetoɖoƒe lae nye, Yɔdan tɔsisi la yi anyigbeme va ɖo keke Galilea ƒu la ƒe dzigbeme.


Ahinadab, Ido ƒe vi dzɔa nu le Mahanaim;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa