Yosua 13:14 - Agbenya La14 Ale si woma anyigba na Israel ƒe to vovovoawo la yi ale: Levitɔwo: Mose mena anyigba aɖeke Levitɔwo o, ke boŋ etsɔ vɔsanu siwo ameawo atsɔ vɛ na Yehowa, Israel ƒe Mawu la na wo. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191314 Negbe Lewi-to la ko metsɔ anyigba ɖeke na o, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe dzovɔsa nye eƒe domenyinu, abe alesi wògblɔ nɛ ene. Onani mutuwo |
Ke miɖo ŋku edzi be womama anyigba na Levitɔwo o, elabena Yehowa ƒe nunɔlawo wonye, eye woƒe nunɔladɔe nye woƒe domenyinu wɔnuku la. Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã magaxɔ anyigba aɖeke o, elabena woxɔ anyigba xoxo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, afi si ŋugbe Mose do na wo.”