Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 12:2 - Agbenya La

2 Amoritɔwo ƒe fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe fiaɖuƒe keke tso Aroer le Arnon balime gbɔ kple tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina yi ɖatɔ Yabok tɔsisi la si nye Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Gileadnyigba si le Yabok tɔsisi la ƒe dzigbeme egbe la ƒe afã nɔ Sixɔn ƒe anyigba me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon, amesi ƒe dziɖuƒe tso Aroer gbɔ, le Arnon-tɔʋu la nu tso tɔʋu la ƒe go ɖeka hetsɔ Gilead ƒe afã ɖe eme vaseɖe Yabok-tɔʋu, si nye Amon-viwo ƒe liƒo la nu,

Onani mutuwo Koperani




Yosua 12:2
12 Mawu Ofanana  

Le zã me la, Yakob fɔ, eye wòkplɔ srɔ̃a eveawo, eƒe kosi eveawo kple via wuiɖekɛawo, eye wotso Yɔdan tɔsisi la le tɔtsoƒe si ŋkɔe nye Yabok.


kple Bela, Azaz ƒe viŋutsu, Sema ƒe viŋutsu kple Yoel ƒe viŋutsu. Wonɔ teƒe si tso Aroer yi Nebo kple Baal Meon.


“Èkpe ɖe wo ŋu woɖu fiaɖuƒe gãwo kple dukɔ geɖewo dzi, eye nèda wò amewo ɖe anyigba la ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woxɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ƒe anyigbawo.


Ewu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, Ɔg, Basantɔwo ƒe fia kple Kanaan fiawo katã,


Mi ame siwo le Aroer, mitsi tsitre ɖe mɔto ne miakpɔ nu. Bia ŋutsu si le du dzi kple nyɔnu si le sisim la be, ‘Nya kae dzɔ?’


Esia va eme esi Israel ɖu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ame si nɔ Astarot la dzi le Edrei vɔ megbe.


Amon fia ɖo eŋu be anyigba la nye Amɔnitɔwo tɔ eye Israelviwo va fii esime wotso Egipte va ɖo. Eyi edzi be anyigba blibo la tso Arnon tɔsisi la ŋu yi Yabok tɔsisi la ŋu heyi Yɔdan tɔsisi la ŋu, eye wònye ye tɔ, eya ta Israelviwo naɖe asi le yeƒe anyigba ŋuti na ye tomefafatɔe.


Israelviwo nɔ anyigba la katã dzi tso Arnon tɔsisi la ŋu le anyigbeme yi Yabok tɔsisi la ŋu le dzigbeme kple tso gbegbe la ŋu le ɣedzeƒe yi Yɔdan tɔsisi la ŋu le ɣetoɖoƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa