Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 12:1 - Agbenya La

1 Fia siwo dzi Israelviwo ɖu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, ame siwo ƒe duwo wogbã tso keke Arnon tɔsisi la ƒe balime va yi Hermon to la gbɔ kple du siwo le gbegbe siwo le ɣedzeƒe la woe nye esiawo:

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Israel-viwo ɖu, amesiwo ƒe anyigba woxɔ le Yordan godo le ɣedzeƒe gome, tso Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Xermon-to la gbɔ kple gbadzaƒe blibo, si le ɣedzeƒe:

Onani mutuwo Koperani




Yosua 12:1
24 Mawu Ofanana  

Geber, Uri ƒe vi dzɔa nu le Gilead kple anyigba siwo nye Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia kple Fia Ɔg, Basan fia tɔ tsã la dzi. Dɔdzikpɔla ɖeka kpɔa ame siawo kple woƒe dɔwo dzi.


Ele abe Hermon zãmue le dzadzam ɖe Zion to dzi ene, elabena afi mae Yehowa kɔ yayra kple agbe gɔ̃ hã ɖo tegbetegbe.


Eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Wòe wɔ anyiehe kple dziehe; ne Tabɔr kple Hermon se wò ŋkɔ ko la, wodzia ha, tsoa aseye.


Abe ale si wonyaa xe dzodzoewo le woƒe atɔwo me ene la, nenema ke wòanɔ na Moab nyɔnuwo le Arnon ƒe tɔtsoƒewo.


Wotso eme yi Arnon tɔsisi la ƒe akpa kemɛ si te ɖe Amoritɔwo ƒe liƒo ŋu. Arnon tɔsisi lae nye liƒo le Moabtɔwo kple Amoritɔwo dome.


Azɔ la, Israelviwo ɖo ame dɔdɔwo ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia gbɔ.


Israelviwo ɖu wo dzi, eye woxɔ woƒe anyigba tso Arnon tɔsisi la ŋu va se ɖe Yabok tɔsisi la ŋu, heyi ɖe Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Israelviwo megate ŋu yi ŋgɔ wu afi sia o, elabena Amoritɔwo, ame siwo nye Lot ƒe dzidzimeviwo la nye aʋawɔla sesẽwo.


Míedi anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o; míedi esi le tɔsisi la ƒe akpa sia, le ɣedzeƒe lɔƒo.”


Míabla akpa nyuie adze Yehowa yome ayi Kanaan, ke míawo ya ƒe anyigba anɔ Yɔdan ƒe akpa sia.”


Ale Mose tsɔ Amoritɔwo ƒe fia, Sixɔn kple Basantɔwo ƒe fia, Ɔg, ƒe anyigbawo kple duwo katã na Gad kple Ruben ƒe dzidzimeviwo kple Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo ƒe afã.


“Azɔ Yehowa gblɔ nam be, Mitso Arnon tɔsisi la, miage ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si le Hesbon la ƒe anyigba dzi. Miwɔ aʋa kpli wo, eye miade asi anyigba la xɔxɔ me.


Eye Sixɔn kple eƒe aʋakɔ blibo la ho aʋa va kpe mí le Yahaz.


Azɔ míetrɔ ɖo ta Ɔg, Basan fia ƒe anyigba dzi. Ɔg ƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu enumake eye wokpe aʋa kpli mí le Edrei.


Se siwo gbɔna la nye se siwo Mose de na Israelviwo,


Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le Bet Peor kasa. Anyigba sia dzie Amoritɔwo nɔ tsã le woƒe Fia Sixɔn te, eye woƒe fiadu nye Hesbon. Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ Fia Sixɔn kple eƒe amewo.


Israelviwo xɔ anyigba la katã tso Aroer si le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi va se ɖe Sirion to (si wogayɔna be Hermon to) la gbɔ


Le esia megbe hafi miate ŋu ava nɔ afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.’ ”


Ale Israelviwo ƒe anyigba keke azɔ tso keke Halak to la gbɔ te ɖe Seir ŋu yi Baal Gad le Lebanon ƒe balime le Hermon to la te. Yosua wu teƒe mawo ƒe fiawo katã.


Eɖo du ɖe Kanaan fia siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa eveawo dzi, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo le tonyigba la dzi kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Hermon to la dzi le Mizpanyigba dzi.


Manase ƒe to la ƒe afã kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe xoxo, elabena Mose tsɔ anyigba sia na wo.


Azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la na dziɖuɖu kple dzudzɔ mí abe ale si wòdo ŋugbe ene, eya ta miyi miaƒe anyigba si Mose, Yehowa ƒe dɔla na mi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ la dzi azɔ.


“ ‘Mlɔeba la, woƒo xlã Edom kple Moab to gbedadaƒo, woto woƒe ɣedzeƒeliƒowo dzi va se ɖe esime woɖo Moab ƒe liƒo la godo le Arnon tɔsisi la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa