Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 11:8 - Agbenya La

8 Yehowa tsɔ aʋakɔ gã ma de asi na Israelviwo, eye wonya wo va se ɖe keke Sidon du gã la me kple Misrefat Maim heyi Mizpa balime le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Futɔwo dometɔ aɖeke metsi agbe o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Yehowa tsɔ wo de asi na Israel, ale be wosi wo henyã wo ɖe nu vaseɖe Zidon, du gã la me, vaseɖe Misrefot-Mayim kple Mizpa-bali la me le ɣedzeƒe gome, eye wosi wo, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 11:8
13 Mawu Ofanana  

Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het.


“Zebulon anɔ ƒuta, eye wòanye tɔdziʋuwo dzeƒe. Eƒe anyigba akeke ade keke Sidon.


Tso afi ma woyi Gilead le Tatimhodsinyigba dzi heyi Dan Yaan eye woƒo xlã yi Sidon.


Ŋu nekpe wò, O! Sidon, wò mɔ sesẽ si le ƒuta, elabena atsiaƒu gblɔ na wò be, “Nyemelé ku kpɔ alo dzi vi kpɔ o. Nyemenyi ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo kpɔ o.”


Ava Hamat si ƒo xlãe la hã dzi, eye ava Tiro kple Sidon hã dzi togbɔ be wodze aye ale gbegbe hã.


Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ wo de asi na wò be nàtsrɔ̃ wo la, ele be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègawɔ nubabla kpli wo alo nàkpɔ nublanui na wo o. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ.


Ke Yehowa, wò Mawu la anɔ ŋgɔ na wò abe dzo si fiaa nu ene be yeatsrɔ̃ wo ale be nàte ŋu aɖu wo dzi kaba, eye nànya wo ɖa le anyigba la dzi.


Ale Yosua kple Israelʋakɔ la yi futɔwo wuwu dzi. Wotsrɔ̃ aʋakɔ atɔ̃awo katã negbe ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu ɖo woƒe du siwo woɖo gli ƒo xlã la me.


Eɖo du ɖe Kanaan fia siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa eveawo dzi, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo le tonyigba la dzi kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Hermon to la dzi le Mizpanyigba dzi.


Yosua kple eƒe amewo va dze futɔwo dzi le vo me le Merɔn tsi dzidzi la gbɔ.


“Sidontɔwo, ame siwo le tonyigba la dzi le Lebanon towo kple Misrefat Maim dome la ƒe anyigba hã le eme. Mele klalo be manya dukɔ siawo katã ɖa le Israel dukɔ la ŋgɔ, eya ta bu anyigba siawo katã abe mia tɔwo ene,


Ebron, Rehob, Hamon, Kana kple Sidon gãtɔ.


Yehowa na ŋutifafa wo abe ale si wòdo ŋugbe ene; ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo katã dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa