Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 10:6 - Agbenya La

6 Gibeontɔwo ɖo ame ɖe Yosua le Gilgal enumake be, “Miva kpe ɖe miaƒe subɔlawo ŋu! Miva kaba ne miava ɖe mí! Amoritɔwo ƒe fiawo katã tso woƒe nɔƒewo le toawo dzi va le mía gbɔ kple woƒe aʋakɔwo.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tete Gibeontɔwo ɖo ame ɖo ɖe Yosua le Gilgal le asaɖa me gblɔ bena: Megaɖe asi le wò dɔlawo ŋu o, va mía gbɔ kaba naxɔ na mi, eye nakpe ɖe mía ŋu, elabena Amoritɔwo ƒe fia, siwo katã le towo dzi la, ƒo ta kpli ɖe mía ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 10:6
14 Mawu Ofanana  

Ebla akpa na tedzi la eye wògblɔ na eƒe dɔla la be, “Doe sesĩe, mègadoe ɖɔɖɔɖɔ nam o, negbe megblɔe na wo hafi.”


Abe ale si towo ƒo xlã Yerusalem ene la, nenema Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ lae, tso fifia yi ɖe mavɔ me.


elabena Yehowae nye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la. Yehowae nye ame si wɔ sewo na mí, eye Yehowae nye míaƒe fia. Eyae nye ame si aɖe mí.


Amalekitɔwo le gbegbe le dziehe gome, ke Hititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo ya le togbɛwo dzi, eye Kanaantɔwo le atsiaƒu kple Yɔdan to.”


Le ŋkeke siawo me la, Maria tso, eye wòɖe abla yi Yudea dua me,


Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu.


Ale Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃ siawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo katã ɖekae be yewoaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu.


Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la ho tso Gilgal, eye woyi be yewoaxɔ na Gibeontɔwo.


Wotsɔ Arba du, si wotsɔ Arba, Anak fofo ƒe ŋkɔ na, eye woyɔnɛ azɔ be Hebron le Yuda ƒe tonyigba dzi la na wo, kpe ɖe lãnyiƒe si ƒo xlãe la ŋu.


Esime wonɔ asaɖa me le Gilgal le Yeriko gbedzi la, woɖu Ŋutitotoŋkekenyui le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ.


Yosua wɔ ŋutifafa ƒe nubabla kple Gibeontɔwo, eye wòna be woatsi agbe. Israelviwo ƒe kplɔlawo do ŋugbe be yewoawɔ ɖe nubabla la dzi.


Esi wova ɖo Israelviwo ƒe asaɖa me le Gilgal la, wogblɔ na Yosua kple Israelviwo be, “Míetso teƒe didi aɖe; míedi be míawɔ ŋutifafa kpli mi.”


Woɖo eŋu be, “Míazu miaƒe kluviwo.” Yosua bia be, “Ame kawoe mienye eye afi ka mietso?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa