Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 10:40 - Agbenya La

40 Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ la woɖu anyigba blibo la dzi; woɖu dukɔ siwo nɔ toawo dzi, esiwo nɔ anyigba sɔsɔe dzi kple esiwo nɔ toawo ŋu la dzi. Wowu ame sia ame le anyigba la dzi, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖo na wo be woawɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Ale Yosua du anyigba blibo la kple fia, siwo katã le towo dzi, dziehe, gbadzaƒe kple towo ŋu la dzi; mena amea ɖeke si o, eye wòtsrɔ̃ nu gbagbewo katã gbidigbidi, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se ene.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 10:40
26 Mawu Ofanana  

Baasa wu Fia Yeroboam ƒe dzidzimeviwo katã enumake, ale ame aɖeke megasusɔ ɖe fiaƒome la me o, abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi be ava eme esime wòƒo nu kple Nyagblɔɖila Ahiya tso Silo la ene.


Èbɔbɔ dukɔ blibowo ɖe anyi le wo ŋgɔ, Kanaan fiawo kple woƒe amewo gɔ̃ hã zu ŋusẽmanɔŋutɔwo!


Ame vɔ̃ɖiwo gbugbɔ yi yɔ me, nenema kee nye dukɔ siwo ŋlɔ Mawu be.


Kpɔ nyuie be màbla nu kple ame siwo le anyigba si dzi yim miele la gbeɖegbeɖe o, elabena ne miebla nu kpli wo la, miade asi woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me kaba.


Mose dɔ wo ɖa, eye wògblɔ na wo be, “Miyi anyigba la ƒe anyigbeme lɔƒo, le Negeb ƒe tonyigba la dzi,


Fifia miyi mianɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba dzi kple Araba ƒe balime kple Negeb kple Kanaan kple Lebanon ƒe anyigbawo dzi. Anyigba sia tso Domeƒu la ŋu va se ɖe Frat tɔsisi la ŋu.


Míetsrɔ̃ woƒe nu sia nu kple woƒe nyɔnuwo kple woƒe vidzĩwo katã. Míena naneke tsi agbe o,


Mawu atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò, eye nàtutu woƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la ŋkume. Wo dometɔ aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o. Ke boŋ àtsrɔ̃ wo.


Woxɔ du sia hã gbe ma gbe ke, eye wowu ame sia ame abe ale si wowu Lakistɔwo katã ene.


Woxɔ du sia kple du sue siwo ƒo xlãe, eye wowu ameawo katã kple woƒe fia; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe o.


Woɖu Debirtɔwo dzi enumake, wu ame sia ame abe ale si wowɔ le Libna ene.


Ale Yosua ɖu anyigba blibo la dzi. Exɔ Negeb kple Gosenyigba kple Araba kple Israel ƒe tonyigbawo kple sɔsɔeƒewo.


Teƒe siwo le toawo dzi, togbɛ ɣedzeƒetɔwo dzi, Yɔdan ƒe balime kple eƒe togbɛwo dzi, ɣedzeƒetowo kɔgo kple Negebnyigba la katã le anyigba sia me. Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo nɔ anyigba sia dzi tsã. Israelviwo ɖu du siawo ƒe fiawo dzi:


Du blaeve-vɔ-ade siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye: Yeriko, Bet Hogla, Emek Keziz,


Yosua gblɔ na ameawo do ŋgɔ be, “Miwu ame sia ame negbe Rahab, gbolo la kple ame sia ame si anɔ eƒe aƒe me la ko, elabena exɔ na míaƒe ŋkutsalawo.


Miatsrɔ̃ wo abe ale si mietsrɔ̃ Yeriko kple woƒe fia ene. Ke azɔ ya la, miate ŋu atsɔ woƒe nuwo kple woƒe nyi siwo mieha la woazu mia tɔ. Na ameawo nade xa ɖe dua godo.”


Aitɔwo ƒe lãwo kple kesinɔnuwo ko wometsrɔ̃ o, elabena Israelviwo ƒe aʋawɔlawo tsɔ wo na wo ɖokuiwo. Yehowa ŋutɔe gblɔe na Yosua be woate ŋu atsɔ wo.


Gibeontɔwo ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeble mi nenema, elabena míese be Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose be wòaɖu anyigba blibo la dzi, eye wòatsrɔ̃ ameawo katã le anyigba la dzi. Ale míevɔ̃ mi, ɖe míaƒe agbe ta, eya ta míeble mi nenema ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa