Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 10:30 - Agbenya La

30 Yehowa tsɔ du la kple fia la de asi na Israel le afi sia hã; wowu ame sia ame le dua me abe ale si wowɔ le Yeriko ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eye Yehowa tsɔ eya hã kple eme fia ɖe asi na Israel, eye wotsrɔ̃e kple eme nɔlawo katã kple yi; womèna amea ɖeke si o, eye wowɔ eme fia, abe alesi wowɔ Yerixo-fia ene.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 10:30
12 Mawu Ofanana  

Le esia megbe la, Yehu wu Ahab ƒe ƒometɔ mamlɛ siwo nɔ Yezreel kple eŋume veviwo kple xɔlɔ̃awo kple eƒe nunɔlawo. Mlɔeba la, ame siwo katã nɔ Ahab ŋu kplikplikpli kpɔ la dometɔ aɖeke mesusɔ o.


ekema ne míeɖu futɔwo dzi mlɔeba le Yehowa ŋkume la, miatrɔ ava afi sia, elabena miawu miaƒe dɔdeasiwo nu na Yehowa kple Israelvi bubuawo katã. Ekema anyigba si le tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la azu mia tɔ tso Yehowa gbɔ.


Ke Yehowa, míaƒe Mawu la na míeɖu wo dzi, xɔ woƒe duwo katã.


Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ wo de asi na wò be nàtsrɔ̃ wo la, ele be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègawɔ nubabla kpli wo alo nàkpɔ nublanui na wo o. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ.


Gbe ma gbe ke la, Yosua tsrɔ̃ Makeda du la, eye wòwu fia la kple ame sia ame si nɔ dua me; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe le du blibo la me o.


Tso afi sia la, Israelviwo yi Libna.


Israelviwo tso Libna, eye woyi ɖadze Lakis du la hã dzi.


Yosua dze fia mamlɛawo ƒe du bubuawo dzi. Wowu ameawo katã abe ale si Mose gblɔe da ɖi xoxo la ene.


Libna fia ɖeka, Adulam fia ɖeka,


Esi Israelviwo wu Aitɔ siwo nɔ dua godo vɔ la, wotrɔ yi dua me, eye wowu ame siwo katã ganɔ dua me.


Yosua de ka ve na Ai fia ɖe ati aɖe ŋu, ke esi ɣe nɔ to ɖom la, eɖee tsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo ŋgɔ. Wofɔ kpe gãwo li kɔ ɖe edzi. Kpeawo gali va se ɖe egbe.


Ke Gibeontɔwo, ame siwo nye Hivitɔwo la se nu si Yosua wɔ Yeriko kple Ai.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa