Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 10:25 - Agbenya La

25 Yosua gblɔ na Israelviwo be, “Migavɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Ŋusẽ nenɔ mia ŋu, eye mialé dzi ɖe ƒo, elabena Yehowa awɔ miaƒe futɔwo katã alea.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye Yosua gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o, milé dzi ɖe ƒo, eye mise ŋu! Elabena alea Yehowa awɔ miaƒe futɔ, siwo katã mia kple wo miele aʋa wo ge lae.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 10:25
13 Mawu Ofanana  

Woatsrɔ̃ ame siwo le nye agbe yome tim, woayi ɖe keke anyigba la ƒe tume ke.


Maɖo ŋku Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dzi, ɛ̃, maɖo ŋku nukunu siwo nèwɔ le blema la dzi.


Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si lɔ̃ mí la me.


Vavã, Mawu ɖe mí tso ku dziŋɔ aɖe me, ale míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi be aɖe mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe me ɖaa.


Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la.


miekpɔ kple miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo, xaxa sesẽwo, nukunuwo kple dzesi gãwo, asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi si Yehowa, wò Mawu la tsɔ kplɔ wò do goe la dzi la dzi nyuie. Yehowa, wò Mawu la awɔ nenema ke na ame siwo vɔ̃m nèle fifia.


“Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene.


Ɖe nyemede se na wò be nàse ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo oa? Ŋɔ megadzi wò o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o, elabena Yehowa, wò Mawu la anɔ kpli wò le afi sia afi si nàyi.”


Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ wo o, elabena mieɖu wo dzi xoxo! Metsɔ wo na mi be miatsrɔ̃ wo, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o.”


Yehowa, ame si ɖeam tso dzata kple sisiblisi ƒe fewo kple aɖuwo me la, kee aɖem tso Filistitɔ sia hã si me!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa