Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 10:12 - Agbenya La

12 Esime Israelviwo nɔ Amoritɔwo nyam, nɔ wo wum la, Yosua do gbe ɖa na Yehowa kple gbe sesẽ be, “Na ɣe natɔ ɖe Gibeon tame, eye nàna ɣleti hã natɔ ɖe Aiyalon balime tame!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Yosua ƒo nu kple Yehowa le Israel-viwo ŋku me, le gbesigbe Yehowa tsɔ Amoritɔwo de asi la, eye wògblɔ le Israel ŋku me bena: Ye, tɔ ɖe Gibeon, eye ɣleti, tsi Ayalon-ʋe la me!

Onani mutuwo Koperani




Yosua 10:12
29 Mawu Ofanana  

Gbe ɖeka la, Aʋafia Abner kplɔ Is Boset ƒe aʋawɔlawo tso Mahanaim yi Gibeon,


Hezekia gblɔ nɛ be, “Enye nu bɔbɔe be vɔvɔli nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo, eya ta na wòayi megbe ɖoƒe ewo boŋ.”


Tete Nyagblɔɖila Yesaya do ɣli na Yehowa eye Yehowa na vɔvɔli yi megbe ɖoƒe ewo le Ahaz ƒe ɣega te.


Yesaya ɖo eŋu nɛ be, “Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò be Yehowa awɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo; àdi be vɔvɔli nayi megbe ɖoƒe ewo loo wòayi ŋgɔ ɖoƒe ewoa?”


Via bubuwoe nye Beria kple Sema, hlɔ̃mefia siwo nɔ Aiyalon; wonya ame siwo nɔ Gat tsã la dzoe.


Zora, Aiyalon kple Hebron.


Eƒoa nu na ɣe eye meklẽna o, etsɔa nu xea ɣletiviwo ŋkume ale be womeklẽna o.


Ɣe kple ɣleti nekafui, mikafui, mi ɣletivi keklẽwo.


Woƒe gbe ɖina le anyigba dzi afi sia afi, eye woƒe nyawo dea xexea me ƒe mlɔenu ke gɔ̃ hã. Etu agbadɔ ɖe dziƒowo na ɣe,


Ŋkeke nye tɔwò, eye zã hã tɔwòe; wòe wɔ ɣe kple ɣleti.


Yehowa atso abe ale si wòwɔ le Perazim toa dzi ene. Aʋuʋu eɖokui abe ale si wòwɔ le Gibeon Balime la ene be wòawɔ eƒe dɔ wɔnuku la, eye wòawɔ eƒe dɔdeasi si mienya o.


Mana be vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Ahaz ƒe ɣetrɔti gbɔ.’ ” Ale ɣe ƒe vɔvɔli he ɖe megbe ɖoƒe ewo.


Wò ɣe magaɖo to azɔ o, eye wò ɣleti hã magaɖo xɔ azɔ o. Yehowa anye wò kekeli mavɔ, eye wò konyifaŋkekewo nu ava ayi.


Eva eme le ɣleti atɔ̃lia me le ƒe ma ke me, esi nye ƒe enelia le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me be Nyagblɔɖila Hananiya, Azur ƒe vi si tso Gibeon gblɔ nam le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nunɔlawo kple ameha la katã ŋkume be,


“Metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, togbɔ be wodzɔ atsu abe sedati, eye wosẽ abe sesewu ene hã la, meho wo kple ke.


Aƒetɔ Yehowa be, “Gbe ma gbe la, mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu, eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me.


Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, xexea me katã nazi ɖoɖoe le eŋkume.


Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo nɔƒe le dziƒo esi wokpɔ wò aŋutrɔ bibiawo kple wò akplɔ si le dzo kem miamiamia.


Mi anyigbadzitɔwo katã mizi ɖoɖoe le Yehowa ŋkume, elabena etso le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.”


to mawu bubuwo, ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo subɔsubɔ me, nu siwo ŋu mede se na mi le vevie la,


Kpe ɖe esia ŋu la, migawu mo dzi be yewoasubɔ ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo o. Yehowa miaƒe Mawu akpɔ nublanui na dukɔ bubu siwo awɔ nu sia, gake makpɔ nublanui na miawo ya o.


Eye ɣe kple ɣleti siaa megaʋã o va se ɖe esime Israelviwo ƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ! Woŋlɔ nu geɖewo wu esia tso aʋa sia wɔwɔ ŋuti ɖe Yasar ƒe Agbalẽ me. Ale ɣe tɔ ɖe dziƒo abe gaƒoƒo blaeve-vɔ-ene sɔŋ ene!


Salabin, Aiyalon, Itla,


Aiyalon kple Gat Rimon kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo tso Dan ƒe viwo ƒe anyigba dzi.


Esi Elon ku la, woɖii ɖe Aiyalon le Zebulonyigba dzi.


Dziƒo ŋutɔ ƒe ɣletiviwo wɔ aʋa kple Sisera.


Ale Samuel yɔ Yehowa eye wòɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa gbe ma gbe. Ameawo vɔ̃ Yehowa kple Samuel ŋutɔŋutɔ.


Ke wotsɔ dɔwuame nya Filistitɔwo eye wowu wo tso Mikmas yi Aiyalon ke, le esime woƒe ɖeɖiteameŋu nu ganɔ sesẽm ɖe edzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa