Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 1:6 - Agbenya La

6 “Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, elabena wòe amã anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo bena, matsɔe na wo la, na dukɔ sia.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 1:6
36 Mawu Ofanana  

Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ be, “Matsɔ anyigba sia ana wò dzidzimeviwo.” Abram ɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma hena ŋkuɖoɖo ale si Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma la dzi.


Wɔ nu si magblɔ na wò la, eye nànɔ afi sia le anyigba sia dzi. Ne èwɔ nye gbe dzi la, manɔ kpli wò, eye mayra wò. Matsɔ anyigba sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo abe ale si medo ŋugbe na fofowò, Abraham ene.


Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.”


“Mele demagbɔnugbe yim eya ta lé dzi ɖe ƒo, nàwɔ kalẽ.


“Eya ta ne èlé se kple ɖoɖo siwo wòna Israel to Mose dzi me ɖe asi la, nuwo adze edzi na wò. Wɔ kalẽ eye nàlé dzi ɖe ƒo; mègavɔ̃ o, ke boŋ nàtsɔ dzo ɖe wò dɔwo ŋu!


Eya ta, kpɔ nyuie elabena wòe Yehowa tia be nàtu yeƒe gbedoxɔ si anye kɔkɔeƒe. Lé dzi ɖe ƒo eye nàwɔ nu si wòɖo na wò.”


Sẽ ŋu eye nàlé dzi ɖe ƒo. Mègana dɔdeasi la ƒe akɔtitri nado ŋɔdzi na wò o elabena Yehowa, Mawu nye Mawu la li kpli wò eye magblẽ wò ɖi o. Akpɔ egbɔ be wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu nyuie.


Ke mi Yuda ƒe viwo la, milé dɔ nyui si wɔm miele la me ɖe asi eye migana dzi naɖe le mia ƒo o elabena fetu li na mi.”


Azɔ la, kpɔ ale si wodi be yewoaɖo eteƒe na mí ɖa! Wova be woanya mí le wò anyigba si nèna mí la dzi.


Oo míaƒe Mawu, ɖe menye wòe nya trɔ̃subɔla siwo nɔ anyigba sia dzi, esi Israel, wò amewo va ɖo la ɖa oa? Ɖe menye wòe tsɔ anyigba sia na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo oa?


Kpɔ mɔ na Yehowa; sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo. Kpɔ mɔ na Yehowa.


Egblɔ nam be, “Mègavɔ̃ o, O, wò ame si ŋu wode asixɔxɔ gã aɖee. Ŋutifafa na wò! Ŋusẽ neɖo ŋuwò azɔ. Xɔ ŋusẽ.” Esi wònɔ nu ƒom nam la, ŋusẽ ɖo ŋunye eye megblɔ be, “Nye Aƒetɔ, ƒo nu le esi nèna ŋusẽm ta.”


Ke azɔ la, Oo Zerubabel, lé dzi ɖe ƒo eye nàdo ŋusẽ nu’ Yehowae gblɔe. ‘Sẽ ŋu, Oo Yosua, Yehozadak ƒe avi, nunɔlagã, sẽ ŋu, mi anyigbadzitɔwo katã eye miawɔ dɔ.’ Yehowae gblɔe. ‘Elabena nye la meli kpli mi.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Mi ame siwo le nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la sem, ame siwo nɔ anyi hafi woɖo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi, mido ŋusẽ nu be miawu gbedoxɔ la tutu nu.


“Wòama anyigba la ɖe to vovovoawo dome le toawo me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ nu, abe ale si amexexlẽ la fia ene.


Metsɔ anyigba la na mi. Mixɔe eye mianɔ edzi.


Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me. Minɔ agbe abe kalẽtɔwo ene, eye misẽ ŋu.


Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la.


Miyi miaxɔe abe ale si wògblɔ na mí ene. Migavɔ̃ o. Migake ɖi gɔ̃ hã o.”


Metsɔ anyigba sia katã na mi! Miyi edzi, eye miaxɔe, elabena eyae nye anyigba si ŋugbe Yehowa miaƒe Mawu do na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob kple woƒe dzidzimeviwo katã.”


eya ta wòle be miawɔ se siwo mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ ale be miate ŋu akpɔ ŋusẽ be miayi anyigba si dzi miele gege ge ɖo fifia, eye miaxɔe.


Ede dzi ƒo na Yosua, Nun ƒe viŋutsu la be, “Sẽ ŋu eye nalé dzi ɖe ƒo elabena wòe akplɔ Israelviwo ayi anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi, eye nye ŋutɔ manɔ kpli wò.”


Ke wò, vinye Timoteo, sẽ ŋu le amenuveve si le Kristo Yesu me la me,


Ame sia ame, ame ka kee wòɖanye o, si atsi tsitre ɖe wò sewo ŋu la aku godoo, eya ta tsɔ dzideƒo kple ŋusẽ nàkplɔ mí ayii!”


Nu si wòle be nàwɔ koe nye nàsẽ ŋu, nàlé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ se siwo katã nye dɔla, Mose de na mi la dzi. Migatrɔ le eyome ɖe ɖusime alo miame o, be wòadze edzi na mi le afi sia afi si miayi.


Ɖe nyemede se na wò be nàse ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo oa? Ŋɔ megadzi wò o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o, elabena Yehowa, wò Mawu la anɔ kpli wò le afi sia afi si nàyi.”


Yosua gblɔ na Israelviwo be, “Migavɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Ŋusẽ nenɔ mia ŋu, eye mialé dzi ɖe ƒo, elabena Yehowa awɔ miaƒe futɔwo katã alea.”


“Sidontɔwo, ame siwo le tonyigba la dzi le Lebanon towo kple Misrefat Maim dome la ƒe anyigba hã le eme. Mele klalo be manya dukɔ siawo katã ɖa le Israel dukɔ la ŋgɔ, eya ta bu anyigba siawo katã abe mia tɔwo ene,


Ale Yosua bia Israelviwo be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie mialala hafi anya ame siwo le anyigba si Yehowa, mia Mawu la na mi la dzi?


Ale Yehowa tsɔ anyigba si ŋugbe wòdo na wo tɔgbuiwo la katã na Israelviwo. Woyi ɖaɖu ameawo dzi, eye wonɔ afi ma.


Israel dukɔ la tsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime ŋutsu siwo katã tsi, eye woate ŋu ade aʋa esi wodzo le Egipte la ku. Womeɖo to Yehowa o, eya ta Yehowa ka atam be yemana woade anyigba si ŋugbe yedo na Israel, “Anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi o.


Oo, Filistitɔwo, miwɔ aʋa kple ŋusẽ abe ale si miewɔ kpɔ o ene, ne menye nenema o la, míazu woƒe kluviwo abe ale si wonye míaƒe kluviwo egbe ene.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa