Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 1:16 - Agbenya La

16 Ameawo lɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye woka ɖe edzi na Yosua be, “Míawɔ nu sia nu si nàgblɔ na mí, eye míayi afi sia afi si nàɖo mí ɖo la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete woɖo ŋu na Yosua bena: Míawɔ se, siwo katã nède na mí la dzi, eye afisiafi, si nèdɔ mí ɖo la, míayi!

Onani mutuwo Koperani




Yosua 1:16
10 Mawu Ofanana  

Tsi tsitre, nya sia le asiwò me. Míade megbe na wò, eya ta tso nàlé dzi ɖe ƒo eye nàwɔe.”


Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gblɔ be, “Míawɔ nu siwo katã nàɖo na mí be míawɔ la tututu.


Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gagblɔ be, “Míawɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo dzi.


Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu me, elabena Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eya ta Israelviwo ɖo toe, eye wowɔ ɖe se siwo katã Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi.


Yi nàɖo to nya siwo katã Yehowa, míaƒe Mawu la le gbɔgblɔm, eye nàva gblɔe na mí, ekema míaɖo to, eye miawɔ ɖe wo dzi.”


Ɖo ŋku edzi na wò ameawo be ele be woabu dziɖuɖua kple eƒe dɔnunɔlawo; ele be woaɖo to wo, eye woanɔ klalo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ɣe sia ɣi.


Le esia megbe hafi miate ŋu ava nɔ afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.’ ”


Abe ale si míeɖo to Mose le nu sia nu me ene la, nenema tututu míaɖo to wò hã. Yehowa, wò Mawu la nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple Mose ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa