Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yona 4:9 - Agbenya La

9 Mawu gblɔ na Yona be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe esi ati la kua?” Yona ɖo eŋu be, “Ɛ̃, tɔnye dzɔ be mado dɔmedzoe va se ɖe esime maku!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Mawu gblɔ na Yona bena: Ɖe nèle dziku dom ɖe eteƒe le treklɔnu la taa? Eɖo ŋu bena: Tɔnye dzɔ be, mado dziku, vaseɖe esime maku.

Onani mutuwo Koperani




Yona 4:9
13 Mawu Ofanana  

Wò ame si vuvu ɖokuiwò kɔ ɖi le wò dziku me, ɖe wòle be woagblẽ anyigba ɖi ɖe tawò alo woaɖe agakpewo ɖa le wò teƒea?


Tosesẽ wua bometsila eye ŋubiã wua numanyala.


Mlɔeba la, le eƒe gbe sia gbe ƒe nyatoƒitoto kple fuɖename ta la, ɖeɖi te Samson ŋu.


Le ŋkeke mawo me la, amewo adi ku, gake womakpɔe o. Ku adzro wo vevie, gake ku asi abu ɖe wo.


Elabena ɣe aɖewo ɣi la, Mawu nana míexaa nu be míadze si míaƒe nu vɔ̃wo eye míadzudzɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye míadi agbe mavɔ la. Ke ne ame aɖe xa nu vevie le eya ŋutɔ ƒe agbe vlo nɔnɔ ta, gake metrɔ dzi me o la, ahe ku vɛ.


Ale wògblɔ na wo be, “Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ, eye nye dzi le nu xam heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia, eye mianɔ ŋudzɔ kplim.”


Kpɔ nyuie be ame aɖeke metsɔ kesinɔnuwo ble nuwòe o eye zãnu si le kpekpem segee la nana nàdze ɖe aga o.


Ke esi Mawu tsɔ Ninivetɔwo ƒe nu vɔ̃wo ke wo la, Yona do dɔmedzoe vevie.


Esi ɣe dze la, Mawu na ŋdɔ sesẽ la kplɔ ɣedzeƒeya xɔdzo aɖe va ƒo ɖe Yona dzi va se ɖe esime nu te eŋu vevie, eye wòbia be yeaku, elabena egblɔ be, “Enyo nam be maku wu manɔ agbe.”


Yehowa gblɔ nɛ be, “Esi ati si dzi mèkpɔ wòtsi o, eya ŋutɔe mie le zã ɖeka me, eye wòku le zã ɖeka me la ƒe ku le vewòm ale ɖe,


Ale Ahab tsɔ dɔmedzoe kple moyɔyɔ trɔ yi eƒe fiasã me. Egbe nuɖuɖu, eye wòɖamlɔ anyi hetrɔ mo ɖo ɖe gli ŋu!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa