Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yona 2:4 - Agbenya La

4 Ale megblɔ be, ‘O Yehowa, ènyam ɖa le wò ŋkume. Ke hã la, magatrɔ mo ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Etsɔm ƒu gbe ɖe to gɔme, le atsiaƒu titina, tsi sisiwo ɖe to ɖem, eye wò tsi kpakpawo katã kple wò tsi tsotsoewo to tanye yi.

Onani mutuwo Koperani




Yona 2:4
20 Mawu Ofanana  

elabena amewo ase nu tso wò ŋkɔ gã la, wò asi sesẽ la kple wò alɔ si nèdo ɖe dzi la ta, ne amedzro sia va eye wòdo gbe ɖa le gbedoxɔ sia gbɔ la,


eye ne wotrɔ va gbɔwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le ame siwo ɖe aboyo wo ƒe anyigba dzi eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe anyigba si nèna wo fofowo gbɔ, ɖo ɖe du si nètia kple gbedoxɔ si metu na wò ŋkɔ gbɔ la,


ekema makplɔ Israel dukɔ la adzoe le anyigba si metsɔ na wo la dzi. Maɖe wo le gbedoxɔ sia si ŋu mekɔ na nye ŋkɔ la me eye manya wo le nye ŋkuta. Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.


ekema ne wotrɔ va gbɔwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le anyigba si dzi wole aboyome le eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe anyigba si nètsɔ na wo fofowo kple du si nètia kple gbedoxɔ si metu na wò ŋkɔ la gbɔ la,


Megblɔ le nye dzikatsoƒo me be: “Woɖem ɖa le wò ŋkume azɔ!” Ke hã la, èse nye nublanuiɣlidodo esi meyɔ wò be nàxɔ nam.


Le ŋkeke me la, Yehowa ɖoa eƒe lɔlɔ̃ ɖem, le zã me la eƒe ha nɔa nunyeme, eye wònyea gbedodoɖa na nye agbe ƒe Mawu la.


Ke nye ya, mava wò aƒe me to wò nublanuikpɔkpɔ gã la me. Matsɔ bubu ade ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ.


Ètsɔm de ʋe goglotɔ me, yi ɖe keke viviti tsiɖitsiɖi me.


Wò dziku helĩhelĩ le dzinye vevie, eye nètsɔ wò ƒutsotsoewo tsyɔ dzinye. Sela


Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae nèna meto vevesese mawo me. Wò lɔlɔ̃ na be nèɖem tso gbegblẽ ƒe do globo me, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbe wò.


Ke Zion gblɔ be, “Yehowa gblem ɖi, Aƒetɔ la ŋlɔm be.”


Tete Yehowa gblɔ nam be, “Ne Mose kple Samuel tsi tsitre ɖe ŋkunye me gɔ̃ hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋuti o. Eya ta, nya wo ɖa le ŋkunye me. Na woadzo!


Manya mi ɖa tso nye ŋkume abe ale si mewɔ mia nɔvi Efraimviwo ene.’


Tsi fie le tanye eye mesusu be evɔ nam.


Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ƒu siawo nye Israel ƒe aƒe blibo la. Wobe, ‘Míaƒe ƒuwo ƒu kplakplakpla; míaƒe mɔkpɔkpɔ bu; woɖe mí ɖa.’


Esi Daniel se be woŋlɔ se la kaka la, eyi ɖe eƒe aƒe me, ge ɖe eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòʋu fesrẽ siwo woʋuna dona ɖe Yerusalem gbɔ la da ɖi. Edzea klo, doa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe, daa akpe na eƒe Mawu abe ale si wòwɔna tsã ene.


“Esi nye agbe nu le tsotsom la, meda nye susuwo ɖe dziwò, Yehowa, eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa